Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 6:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Gblɔ na Aron kple viaŋutsuawo be: Ale miayra Israel-viwo agblɔ na wo enye si:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be: ‘Ale miayra Israelviwo, agblɔe nye esi:

Gade chapit la Kopi




4 Mose 6:23
27 Referans Kwoze  

Aram viwo nye: Aron kple Mose, ewolia Aron, be wòakɔ eya kple viaŋutsuwo ŋu ne woanye ame kɔkɔetɔwo tegbee ne woaɖo dzudzɔ le Yehowa ŋku me, woasubɔe, eye woayra ame ɖe eƒe ŋkɔ dzi tegbee.


Emegbe nunɔlawo, amesiwo nye Lewi-viwo la, nate va, elabena woawo Yehowa, wò Mawu tia, bena woasubɔe, eye Woayra ame ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, eye alesi wogblɔ la, nenema nu woadrɔ̃ dzrenya kple avuwɔnyawo katã ɖo.


Elabena Melxizedek sia enye Salem-fia kple Mawu, dziƒoʋĩtɔ, nunɔla, amesi yi ɖakpe Abraham, le esime wògbugbɔ tso fiawo siƒe gbɔna, eye woayrae;


Eye wòyra wo gbemagbe gblɔ bena: Wò ŋkɔ Israel-viwo atsɔ ayra amewo agblɔ bena: Mawu naɖi na wò abe Efrayim kple Manase ene! Ale wotsɔ Efrayim ɖo tsitsii na Manase.


Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kpakple ŋutifafa, si tso Mawu Fofo la kple Yesu Kristo, si nye Fofo la ƒe Vi la gbɔ la, anɔ anyi kpli mi le nyateƒe kple lɔlɔ̃ me!


Emegbe la Yosef kplɔ fofoa Yakob va fia Farao gbɔ, tete Yakob yra Farao.


le Mawu Fofo la ƒe nunyanyaɖi la nu le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ me hena toɖoɖo kple Yesu Kristo ƒe ʋuhehlẽ: Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi!


Ke ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesi nye gãtɔ la, yra amesi nye suetɔ.


Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mía Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!


ŋlɔ ɖo ɖe mi, amesiwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo kple ame kɔkɔe, siwo woyɔ la: Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mia Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!


Eye Israel blibo la, woƒe ame tsitsiwo kple dzikpɔlawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo, amedzrowo kple dumeviwo siaa tsi tre de aɖaka la ƒe axawo kple eve dzi hedze ŋgɔ nunɔla, siwo nye Lewitɔwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, akpa afã dze ŋgɔ Gerizim-to, eye akpa afã dze ŋgɔ Ebal-to, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se be, woatre Israel-dukɔ la yayra gbã ene.


Eye Yehowa ɖa Lewi-to la ɣemaɣi, bena woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, woawɔ subɔsubɔdɔ le Yehowa ŋku me, eye woayra ame ɖe eƒe ŋkɔ dzi, va do egbe.


Emegbe la Yakob yayra Farao, eye wòdzo le Farao gbɔ.


Esia nye yayra, si Mose, Mawu ƒe ame la, tsɔ yra Israel-viwo hafi ku.


Eye woyra Rebeka gblɔ nɛ bena: Wò, mía nɔvinyɔnu, nadzi ame akpe nanewo, eye viwòwo natsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee!


Eye Mose kpɔ dɔ blibo la; kpɔ ɖa, wowɔe, abe alesi Yehowa de se be, woawɔe la ene. Eye Mose yra wo.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Eye wote yi ŋgɔ heyra Israel ƒe ameha blibo la kple gbe sesĩ gblɔ bena:


Eye nunɔlawo kple Lewi-viwo tsi tre heyra dukɔ la, eye wose woƒe gbe, eye woƒe gbedodoɖa de eƒe nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite