Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 6:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu la, nalũ eƒe ta, si ŋu ko la, le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye wòatsɔ eƒe taɖa, si ŋu ka la, ade dzo, si le akpedavɔsa te la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 “ ‘Azɔ la, adzɔgbeɖela la ako eƒe ɖa ʋluya la, si nye eƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi. Awɔ nu sia le agbadɔ la ƒe mɔnu. Le esia megbe la, woatsɔ ɖa si wòko la ade dzo me le ŋutifafavɔsa la te.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 6:18
9 Referans Kwoze  

Ŋutsu ene, siwo ɖe adzɔgbe la, le mía si; amesiawo natsɔ, eye nakɔ ɖokuiwò ŋuti kpli wo, eye naxe nusi wonana la, ɖe wo ta, be woate ŋu alũ ta; ekema amewo katã adze sii bena, nusiwo yewose le ŋutiwò la, mele eme o; ke boŋ wò ŋutɔ èzɔna nyuie, eye nèléa se la me ɖe asi.


Ke ne amea ɖe ku ku kpata ɖe egbɔ, eye wogblẽ kɔ ɖo na eƒe la, si ŋu ko la, ekema wòalũ ta le gbesigbe woka eŋu; le ŋkeke adreagbe wòalũ ta


Esi Paulo ganɔ afima ŋkeke geɖe la, eklã nɔviawo, eye wòɖo ʋu yina Siria, eye Priskila kple Akwila kpe ɖe eŋuti; eye wolũ ta le Kenxrea, elabena eɖe adzɔgbe.


bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me,


Tete esi ŋu ke la, Paulo ɖe ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye esi wòkɔ eɖokui ŋuti kpli wo la, eyi ɖe mawuxɔ la me hele ŋutikɔkɔ ŋkekeawo ƒe nuwuwu gblɔm fia wo, vaseɖe esime woamè nu ɖe wo dome amesiame ta.


Nenema ke miawo hã, ne miewɔ nusiwo katã woɖo na mi la, migblɔ bena: Dɔla madzemadzewo míenye; nusi le na mi be, miawo la, eya koe miewɔ.


Talũhɛ made eƒe ta le ŋkeke, siwo me wòɖe adzɔgbe heka eɖokui ŋu la o, vaseɖe esime ŋkeke, siwo wòkɔ eɖokui ŋu na Yehowa, nade hafi; ame kɔkɔe wònye, eyata wòagblẽ eƒe taɖa ɖi wòato ʋluya.


Eyaŋuti nawɔ nusi ke miato na wò.


Ke wòatsɔ agbo la kple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le la, asa akpedavɔe na Yehowa, eyome nunɔla la nasa nuɖuvɔ kple nunovɔ nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite