Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 6:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 kpakple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le: aboŋgo, si wotsɔ wɔ memee ƒoe, kple akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo; emegbe wòatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Kpe ɖe esiawo ŋu la, agana abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã kusi ɖeka, akpɔnɔ siwo wowɔ kple wɔ memee si dzi wokɔ ami ɖo, aboŋgo si wowɔ kple wɔ maʋamaʋã si dzi wokɔ ami ɖo, eye wòagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe nu siawo ŋu.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 6:15
15 Referans Kwoze  

Ne èbe, yeatsɔ nusi woƒona de kpo me asa nuɖuvɔe la, ekema natsɔ wɔ memee aƒo aboŋgo maʋamaʋã kple akaklã, si dzi nakɔ ami ɖo.


eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo maʋamaʋà kple aboŋgo maʋamaʋã, eye natɔ tatali maʋamaʋã akɔ ami ɖe dzi.


eye natsɔ wein hin afã, awɔ nunovɔsa akpe ɖe eŋu. Esiawo natsɔ asa vɔe, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Elabena zi alesi míeɖua abolo sia, eye mienoa nu le kplu sia nu la, miele gbe ƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, halase esime wòava va.


Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔa ɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu,


Amea ɖe menya nu o, avee, eye wòatrɔ adzo ahagblẽ yayra ɖe megbe, ne woatsɔ asa nuɖuvɔ kple nunovɔ na Yehowa, mia Mawu la.


Mi nunɔlawo, mibla ali dzi, ne miafa konyi! Mi vɔsamlekpui la subɔlawo, mifa avi! Miva miatsi akpanya me adɔ, mi, nye Mawu subɔlawo; elabena nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le mia Mawu ƒe me.


Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le Yehowa ƒe me; nunɔla, siwo subɔa Yehowa la, le konyi fam.


ke boŋ amesiwo xa nuku la, woawoe aɖui, eye woakafu Yehowa, eye amesiwo; xa nu la, woawoe anoe le nye xɔxɔnu kɔkɔewo.


nyi kple agbo ɖeka woawɔ akpedavɔsae; eye miawu wo le Yehowa ƒe ŋku me, eye miatsɔ nuɖuvɔsa, si wode amii vɛ, elabena egbea Yehowa aɖe eɖokui afia mi.


Kplɔ nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye natsɔ awuawo, ami sisi la, nuvɔ̃vɔsa-nyitsu la, agbo eveawo kpakple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le,


Nenye kafukafu tae wòbe, yeasa vɔ ɖo la, ekema wòatsɔ aboŋgo maʋamaʋã, akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo, kpakple wɔ memee, si wodzaba kple ami hetsɔ tɔ tatali la, akpe ɖe eƒe kafukafuvɔsalã la ŋu.


Eye nunɔla natsɔ wo ava Yehowa ŋku me, eye wòasa nuvɔ̃vɔ kple numevɔ nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite