Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 6:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Emegbe wòagagbugbɔ adzɔgbe aɖe na Yehowa, eye wòana alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka wòawɔ fɔɖivɔsae; ke ŋkeke, siwo va yi la, mele eme o, elabena egblẽ kɔ ɖo na eɖokui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ŋkeke siwo wòwɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi hafi gblẽ kɔ ɖo la, megale eme o. Ele nɛ be wòagadze eƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi wɔwɔ gɔme kple eƒe adzɔgbe yeye la, eye wòana alẽ si xɔ ƒe ɖeka hena eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 6:12
12 Referans Kwoze  

eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fa la ta, eye nunɔla nale avu ne le eƒe nuvɔ̃ la ta.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si.


Elabena amesi ke alé se blibo la me ɖe asi, ke woada ɖeka dzi la, eda vo ɖe wo katã ŋuti.


Ke amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lãkpɔ ɖeɖe.


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ.


Eye ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔa nu gbegblẽ, eye wòwɔa ŋunyɔnu, siwo katã ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋu nu dzɔdzɔe, siwo katã wòwɔ la o, le eƒe go, si wòdze, kple eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la ta; woawo ta wòaku ɖo.


Nunɔla la natsɔ alẽvi, si wole fɔɖivɔ sa gee la, kple ami trevi ɖeka la, eye wòanye wo le Yehowa ŋku me.


Lãtsui, si sa blibo, eye wòxɔ ƒe ɖeka la, mialé; mitiae le alẽwo alo gbɔ̃wo dome.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.


Nunɔla la natsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe, eye wòalé avu nɛ, le esi wògblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu la ta, eye wòagakɔ eƒe ta ŋu nɛ gbemagbe.


Esia nye se na amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu. Ne ŋkeke, siwo wòkɔ eɖokui ŋu de la, ekema woakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite