Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 5:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye nunɔla naxɔ anukluiwɔwɔ-nuɖuvɔsa la le nyɔnu si, eye wòanyè nuɖuvɔsa la le Yehowa ŋku me, emegbe wòatsɔe ayi vɔsamlekpui la gbɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Le esia megbe la, nunɔla la axɔ nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã le nyɔnu la si, anyee le yame le Yehowa ŋkume, eye wòatsɔe ada ɖe vɔsamlekpui la dzi.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 5:25
6 Referans Kwoze  

eye wòtsɔ nu siawo katã de asi me na Aron kple viaŋutsuawo henyè wo le Yehowa ƒe ŋku me.


Emegbe nunɔla la nakplɔ nyɔnu la aɖo Yehowa ŋku me, eye wòakaka ɖa ɖe ta ne, eyome wòatsɔ ŋkuɖodzi-nuɖuvɔsa ade asi me nɛ, anukluiwɔwɔ-nuɖuvɔsa wònye; ke nunɔla la ŋutɔ nalé tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, ɖe asi.


ekema ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ava nunɔla gbɔ, eye woatsɔ luwɔ efa ewoliawo ɖeka awɔ vɔsanu akpe ɖe eŋu, makɔ ami ɖe edzi o, eye mada dzudzɔdonu hã ɖe edzi o; elabena anukluiwɔwɔ-nuɖuvɔsa kple nuɖuvɔsa, si ɖoa ŋku vodada dzi wònye.


eye natsɔ nuawo katã ade asiƒome na Aron kple viaŋutsuawo, eye nanyè nuawo le Yehowa ƒe ŋku me.


Eyome wòana nyɔnu la nano tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, eye tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, aɖo lãme nɛ.


Nunɔla la naku nuɖuvɔsa la asiʋlo ɖeka, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi; emegbe hafi wòana nyɔnua nano tsi la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite