Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 5:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Emegbe nunɔla naŋlɔ fiƒodenya siawo ɖe agbalẽ dzi, eye woakpalae ɖe tsi, si hea fuwɔame va ame dzi la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 “ ‘Ekema nunɔla la aŋlɔ fiƒode siawo ɖe agbalẽ me, eye wòakpala nuŋɔŋlɔ la ɖe tsi veve la me.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 5:23
14 Referans Kwoze  

Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu.


Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo,


Mena wò dzidadawo bu abe atu ene kple wò nuvɔ̃wo abe alilikpo ene; trɔ va gbɔnye, elabena meɖe wò.


Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.


Tsɔ akutsa klɔ nye nuvɔ̃ ɖa, ne ŋunye naɖi; le tsi nam, ne matu tititi wu ɖetifu!


Dawid ƒe ha na henɔ la,


Oo, ɖe amea ɖe naɖo tom! Kpɔ ɖa, nye nuŋɔŋlɔ enye si, ŋusẽkatãtɔ neɖo eŋu nam! Nye adikãtɔ ƒe nuŋɔŋlɔ ɖe?


Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e kple liƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ, si woxlẽ na Yuda-fia me la, ava teƒe sia kple eme nɔlawo dzi;


Azɔ miŋlɔ ha sia, eye nafiae Israel-viwo; tsɔe de nu na wo, bena ha sia nanye ɖase le mía kple Israel-viwo dome.


Eve Yehowa gblɔ na Mose bena: Ŋlɔ nusia ɖe agbalẽ me hena ŋkuɖoɖo dzi, eye nakui ɖe Yosua ƒe to me, elabena matsrɔ̃ Amalek ƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te keŋkeŋ.


Tsi, si hea fiƒode va ame dzi la, aɖo wò dɔme, ƒodo adzi ɖe nuwo, eye wò ali aklẽ! Eye nyɔnu la naɖo ŋu bena: Neva me nenema, neva me nenema!


Eyome wòana nyɔnu la nano tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, eye tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, aɖo lãme nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite