Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 5:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Tsi, si hea fiƒode va ame dzi la, aɖo wò dɔme, ƒodo adzi ɖe nuwo, eye wò ali aklẽ! Eye nyɔnu la naɖo ŋu bena: Neva me nenema, neva me nenema!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Tsi sia si hea fiƒode vaa ame dzi la nage ɖe lãme na wò ale be wò ƒodo nate ɖe nuwò, eye wò ataŋuyi naflo ɖa.” “ ‘Ekema nyɔnu la axɔ ɖe edzi be, “Amen, neva eme nenema.”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 5:22
16 Referans Kwoze  

Eta fiƒode abe avɔ ene, eyata neɖo lãme nɛ abe tsi ene kple eƒe ƒuwo me abe ami ene!


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne menye ɖe mieɖu Amegbetɔvi la ɖe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, ekema agbea ɖeke manɔ mia me o.


Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Míeƒoa nu le nusi mienyã la ŋuti, eye mieɖia ɖase le nusi míekpɔ la ŋuti, eye miexɔa miaƒe ɖaseɖiɖi la o.


Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o.


hegblɔ nam bena: Amevi, tso agbalẽ, si metsɔ na wò la, ɖi ƒoe, eye natsɔe ayɔ wò dɔgboe! Eye meɖui, wòviví le nu me nam abe anyitsi ene.


eyata woaɖu woƒe zɔzɔme ƒe kutsetsewo, eye woƒe aɖaŋuɖeɖewo neɖi ƒo na wo.


siwo wò futɔwo tso le alɔme ɖemi, Yehowa, wotsɔ le alɔme ɖemi le wò amesiamina la ƒe afɔtoƒewo ŋui!


Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!


Ke èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta, eye nètsɔm ɖo ŋkuwò me tegbee.


Ne eno tsi lã, wònye egblẽ kɔ ɖo, eye meɖi anukware na srɔ̃ o hafi la, ekema tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, aɖo lãme nɛ; ƒodo adzi ɖe nu, eƒe ali aklẽ, eye nyɔnu la atrɔ zu ɖiŋudonu le eƒe dukɔ la dome.


Emegbe nunɔla naŋlɔ fiƒodenya siawo ɖe agbalẽ dzi, eye woakpalae ɖe tsi, si hea fuwɔame va ame dzi la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite