Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 5:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ale nunɔla naka atam agblɔ fiƒoɖenyawo na nyɔnu la bena: Yehowa ana fiƒode la naɖi ŋuwò, atrɔ zu ɖiŋudonu le wò dukɔ la dome; Yehowa ana wò ali naklẽ, eye ƒodo nadzi ɖe nuwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 ekema nunɔla la aka atam agblɔ fiƒodenyawo na nyɔnu la be, “Yehowa nana wò amewo naƒo fi ade wò, eye woagbe nu le gbɔwò; nena be wò ataŋuyi naflo ɖa, eye ƒo nadzi ɖe nuwò.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 5:21
9 Referans Kwoze  

Eye dukɔ la ƒe susɔea, nunɔlawo, Lewi-viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo dome hetrɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu la, wo srɔ̃wo, wo ŋutsuviwo kple wo nyɔnuviwo, amesiame, si ate ŋu ase egɔme ko la,


Ke ɖeɖi te Israel-ŋutsuwo ŋu gbemagbe, eye Saul ka atam na dukɔ la bena: Aɖi amesi aɖu nu, hafi fiẽ naɖo la ŋu, vaseɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo hafi! Eye aʋakɔ blibo la mede naneke nu me o.


Le ɣemaɣi Yosua ka atam bena: Ŋutsu, si atso, be yeagbugbɔ Yerixo-du sia atso la, aɖi eŋu le Yehowa ŋku me. Via ŋgɔgbea ƒe ku wòatsɔ aɖo egɔme anyi, eye eƒe dɔmlɔea ƒe ku wòatsɔ aɖe agbo enu!


Eye woazu ɖiŋudonu na Yuda ƒe aboyome, siwo katã le Babel la bena: „Yehowa awɔ wò abe Zedekiya kple Axab, amesiwo Babel-fia mè le dzo me la ene;“


Tete la wòde asi fiƒoƒode kple atamkaka me bena: Nyemenya ame la o. Eye kasia koklo ku atɔ.


Eye miagblẽ miaƒe ŋkɔ ɖi na nye ame tiatiawo woatsɔ ado ɖiŋui be: „Alea Yehowa nawu wòe!“ Ke ayɔ ŋkɔ yeye na eƒe dɔlawo ya,


Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe la dzi zua yayra, ke ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ nyunyɔna.


Ke wò ŋutɔ la adze dɔ ɖe wò dɔkawo ŋu, eye dɔlele la ana be, nanye wò dɔkawo agbadre.


Ne eno tsi lã, wònye egblẽ kɔ ɖo, eye meɖi anukware na srɔ̃ o hafi la, ekema tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, aɖo lãme nɛ; ƒodo adzi ɖe nu, eƒe ali aklẽ, eye nyɔnu la atrɔ zu ɖiŋudonu le eƒe dukɔ la dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite