Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 De se na Israel-viwo be, woaɖe anyidzelawo, afuɖɔlawo kple amesiwo gblẽ kɔ ɖo le ame kuku ŋu la ɖa le asaɖa la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Ɖe gbe na Israelviwo be woaɖe ame siwo katã nye anyidzelawo kple ame siwo katã ŋu tsi ƒomevi aɖe le dodom le kple ame siwo katã gblẽ kɔ ɖo le ame kuku aɖe ta la ɖa le asaɖa la me.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 5:2
15 Referans Kwoze  

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo la bena: Nunɔlaa ɖeke megagblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kuku ŋu le eƒe dukɔ la dome o;


Ŋkeke alesi anyia le eŋu la, eŋu mekɔ o, eya ɖeka nanɔ aga, asaɖa la godo nanye enɔƒe.


Yehowa ɖo ŋu na Mose bena; Ɖe wònye fofoa ye ɖe ta ɖe mo nɛ la, ne ŋu makpee ŋkeke adre oa? Eyata woatui ɖe xɔ me le asaɖa godo ŋkeke adre, emegbe hafi woagaxɔe.


Ke miawo mitsi asaɖa godo ŋkeke adre sɔŋ, eye amesiwo wu ame kple amesiwo ka asi ame tsiaʋawo ŋu la, naɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ɖokui kple amesiwo wòlé la ŋu, le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi.


Eye anyidzela ene le agboa nu, amesiwo gblɔ na wo nɔewo bena: Nukaŋuti mianɔ afisia, vaseɖe esime míaku?


Ne nunɔla la kpɔ bena, dzi la kaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me la, ekema nunɔla la nabui ame makɔmakɔe, anyie wònye.


Eye amesi ŋu kɔm wole la, nanyã eƒe avɔwo, alũ eƒe dawo keŋ, eye wòale tsi, ekema eŋu kɔ. Emegbe ekpɔ mo ayi asaɖa la me, gake woatsi eƒe agbadɔ nu ŋkeke adre sɔŋ.


Ne amea ɖe metsi nu ɖɔ le ŋkeke sia dzi o la, woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome,


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Esi alilikpo la ho tso agbadɔa dzi la, kasia Miryam dze anyi, eye wòfu ɣie abe agbelimɔwɔtsi ene; eye esi Aron trɔ ɖe Miryam ŋu la, kpo ɖa, edze anyi.


Ɖovu nanɔ anyidzela ŋu, wòagblẽ eƒe ta ɖi wòato, eye wòabla glã anɔ ɣli ɖom bena: Busue! busue!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite