Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 5:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Emegbe nunɔla la nakplɔ nyɔnu la aɖo Yehowa ŋku me, eye wòakaka ɖa ɖe ta ne, eyome wòatsɔ ŋkuɖodzi-nuɖuvɔsa ade asi me nɛ, anukluiwɔwɔ-nuɖuvɔsa wònye; ke nunɔla la ŋutɔ nalé tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, ɖe asi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ne nunɔla la na nyɔnu la tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume vɔ la, akaka ɖa ɖe ta na nyɔnu la, atsɔ ŋkuɖodzivɔsa kple nuɖuvɔsa na ŋuʋaʋã ade nyɔnu la ƒe asi me. Ke nunɔla la ŋutɔ alé tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la ɖe asi.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 5:18
18 Referans Kwoze  

Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.


Elabena ne nyɔnu mebia ta o la, na ne wòako ta keŋ! Ke ne enye ŋukpe na nyɔnu be, wòako ta alo wòalũi la, ekema nebia ta.


Wò vɔɖinyenye aka mo na wo, eye wò godzedze ahe to na wò, ne nadze sii, eye nakpɔ, alesi wòvɔ̃ɖii, eye wòvenae be, nègblẽ Yehowa, wò Mawu la ɖi, eye vɔvɔ̃a ɖeke mele ŋunye na wò o, Aƒetɔ Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Kpɔ ɖa, veve zu xɔname nam, ètsɔ lɔlɔ̃ he nye luʋɔ tso gbegblẽ ƒe do me, elabena ètsɔ nye nuvɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò.


Eye mekpɔ be, nusi vena wu ku, enye nyɔnu, si nye ɖɔ vena kaɖikaɖi wu ku ɖeɖe sɔŋ, ete dzi nye mɔ̃ka, eye eƒe asiwo nye kunyowu. Amesi ƒe nu nyo Mawu ŋu la, sina le enu, ke eɖea nuvɔ̃wɔlawo.


ke mlɔe ke la evena wu atsa, eye wòɖana wua yi nuevee.


Eye Samuel gblɔ bena: Mikplɔ Amalek-fia Agag vɛ nam! Agag zɔ yi egbɔ kakaka, eye Agag gblɔ bena: Ku ƒe vevesese gɔ̃ hã bu!


amesi ase fiƒodenya siawo avɔ tso, ade dzi ƒo na eɖokui agblɔ le eƒe dzi me bena; ne mese dzime le yiyim hã, ŋunye afa o, bena ne womagatsrɔ̃ amesi ɖi ko kple amesi tsikɔ le wuwum la siaa o.


Tsi, si hea fiƒode va ame dzi la, aɖo wò dɔme, ƒodo adzi ɖe nuwo, eye wò ali aklẽ! Eye nyɔnu la naɖo ŋu bena: Neva me nenema, neva me nenema!


Eye nunɔla la naku tsi kɔkɔe la ɖe agba me, eye wòalɔ ke le nɔƒe la akɔ ɖe tsi la me.


ekema ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ava nunɔla gbɔ, eye woatsɔ luwɔ efa ewoliawo ɖeka awɔ vɔsanu akpe ɖe eŋu, makɔ ami ɖe edzi o, eye mada dzudzɔdonu hã ɖe edzi o; elabena anukluiwɔwɔ-nuɖuvɔsa kple nuɖuvɔsa, si ɖoa ŋku vodada dzi wònye.


Ɖovu nanɔ anyidzela ŋu, wòagblẽ eƒe ta ɖi wòato, eye wòabla glã anɔ ɣli ɖom bena: Busue! busue!


Ke nyɔnu la, ne ɖa legbe li nɛ la, enye bubu nɛ; elabena wotsɔ ɖa legbe nɛ ɖe nutsyɔnu teƒe.


Eye nunɔla naka atam na nyɔnu la agblɔ bena: Ne ŋutsua ɖeke medo gbɔwò o, eye meda ƒu ɖe srɔ̃wò ŋu hegblẽ kɔ ɖo o la, ekema tsi, si hea fiƒode kple fuwɔame va ame dzi la, mawɔ naneke wò o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite