Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 5:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 ekema ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ava nunɔla gbɔ, eye woatsɔ luwɔ efa ewoliawo ɖeka awɔ vɔsanu akpe ɖe eŋu, makɔ ami ɖe edzi o, eye mada dzudzɔdonu hã ɖe edzi o; elabena anukluiwɔwɔ-nuɖuvɔsa kple nuɖuvɔsa, si ɖoa ŋku vodada dzi wònye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 ele be ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ayi nunɔla gbɔ. Nu si wòana nunɔla ɖe srɔ̃a tae nye luwɔ lita ɖeka. Womakɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi o, elabena enye nuɖuvɔsa ɖe ŋuʋaʋã ta kple ŋkuɖodzivɔsa si ahe woƒe susu ayi ɖe fɔɖiɖi gbɔe.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 5:15
9 Referans Kwoze  

Israel ƒe aƒe la magaɖo ŋu ɖe wo ŋu azɔ, ne woaɖo ŋku vodada dzi na wo, nenye be, woku ɖe wo ŋu la o; eye wòadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.


Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea?


Ne mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnevi eve hã o la, ekema wòatsɔ wo memee eta ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta; makɔ ami ɖe edzi o, eye makpe dzudzɔdonu hã ɖe eŋu o, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Ke vɔsasa mawo ɖoa ŋku nuvɔ̃wo dzi na ame ƒe sia ƒe;


Tete metso klosalo sekel wuiatɔ̃ kple bli gomer ɖeka kple afã ƒlee.


Ne amea de be, yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ wɔ memee asa vɔ lae, eye wòakɔ ami de dzi, atsɔ dzudzɔdonu akpe de eŋu.


Nunɔla la nana nyɔnua nate va, eye wòakplɔe aɖo Yehowa ŋku me.


Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena:


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mia dometɔa ɖe be, yeatsɔ lãfɔnee asa vɔ na Yehowa la, ekema netsɔ nyi alo alẽ sa vo lae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite