Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 4:49 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

49 Mose na wòfiã amesiame ƒe dɔ kple agba, si wòatsɔ lae, abe alesi Yehowa ɖe se ene: eye wotia wo xlẽ, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

49 Mose na wofia ame sia ame ƒe dɔ kple agba si wòakɔ lae, abe ale si Yehowa de se ene. Eye wotia wo xlẽ abe ale si Yehowa de se na Mose ene.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 4:49
18 Referans Kwoze  

Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Dɔ, si le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu na wo, enye be, woatsɔ nɔƒe la ƒe ʋuƒoawo kple gametiawo, sɔtiawo kple woƒe afɔawo,


Gerson viwo ƒe dɔwɔwɔ kple woƒe nutsɔwo nye si:


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


Esiawo nye amesiwo Mose kple Aron tia xlẽ le Merari-viwo ƒe ƒome la me, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Esiawo nye amesiwo katã Mose kple Aron tia xlẽ le Gerson viwo ƒe ƒome la me, eye woate ŋu awɔ ɖɔ le Mawu ƒe agbadɔa ŋu la, abe alesi Yehowa de se ene.


Esiawo nye amesiwo katã Mose kple Aron tia xlẽ le Kehat viwo ƒe ƒome la me, bena woawɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Eye Mose tsa ga la na Aron kple viaŋutsuwo, abe alesi Yehowa gblɔ hede se na Mose ene.


Ke wometia Lewitɔwo xlẽ kpe ɖe Israel-vi bubua wo ŋu o, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Ke womexlẽ Lewitɔwo fofo ƒe to kpe ɖe wo ŋu o.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


kpɔtiawo katã kple woƒe afɔawo, wo ŋu tsyoliwo kple wo ŋu kawo kpakple wo ŋu nuwo ka lã, eye woa wɔ wo ŋu dɔwo katã; miaha amesiame ƒe agba, si wòatsɔ lae ɖekaɖeka.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite