44 Amesiwo wotia xlẽ le woƒe ƒomewo nu la, le ame akpe etɔ̃ alafa eve.
44 Ame siwo wotia, xlẽ le woƒe ƒomea nu la le ame akpe etɔ̃, alafa eve (3,200).
Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.
Wò gametiwo nye gayibɔ kple akɔbli, eye akpɔ dzudzɔ le wò agbe me ŋkekewo katã me.
Wo dome ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, ƒe xexlẽme le ame akpe ade alafa eve.
Woxlẽ amesiwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ kple vɔ vaseɖe ƒe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔa ŋu la.
Esiawo nye amesiwo Mose kple Aron tia xlẽ le Merari-viwo ƒe ƒome la me, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.