Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 4:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Amesiwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple vo vaseɖe ƒe blaatɔ̃, eye wodze na dɔwɔwɔ la, nawɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Agbadɔ la me.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 4:3
27 Referans Kwoze  

Tia amesiwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple vɔ vaseɖe ƒe blaatɔ̃, eye wodze na dɔwɔwɔ la xlẽ, bena woawɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo.


Menye amesi ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o, bene wòagado eɖokui ɖe dzi, eye wòadze Abosam ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la me o.


Nyateƒenya wònye: Ne amea ɖe le dzikpɔladɔ dim la, ele dɔwɔwɔ nyui dim.


Mele sedede sia dem asi na wò, vinye Timoteo, le nyagbɔgblɔɖeanyi, siwo dze ŋgɔ na wò la nu, bene nawɔ aʋa nyui le wo nu,


Eye Yesu ŋutɔ, esi wòdze ɖɔ gɔme la, exɔ ƒe anɔ ƒe blaetɔ̃, eye wònye — le amewo ƒe susu nu — Yosef vi, amesi nye Eli vi,


Esi wogbɔ va Mawu ƒe aƒe la gbɔ le Yerusalem la, Zerubabel, Sealtiel vi, kple Yesua, Yozadak vi, kpakple wo nɔvi susɔeawo, nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple amesiwo katã gbɔ tso abe yo me va Yerusalem la, wodze egɔme le ƒe eve megbe le dzinu evelia me. Woɖo Lewi-vi, siwo xɔ ƒe blave, kpakple edzivɔwo la, ne woana Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ nu.


Eye wodzidze nu tso du wuieve na Merari viwo le woƒe ƒomeawo nu ɖe Ruben-to, Gad-to kple Zebulon-to la me.


Mesɔ gbɔ na mi haɖe be, Israel ƒe Mawu la tia mi tso Israel ƒe ha la me, be miate ɖe eŋu, eye miawɔ dɔ le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu, mianɔ ha la nu, eve miasubɔ wo oa?


Woxlẽ amesiwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple vɔ vaseɖe ƒe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔa ŋu la.


Tia amesiwo katã xa ƒe blaetɔ̃ kple vɔ vaseɖe ƒe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ la xlẽ, bena woawo Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo.


Yosef xɔ ƒe blaetɔ̃, esime wòtsi tre ɖe Egipte-fia Farao ƒe ŋku me. Eye Yosef dzo le Farao gbɔ yi ɖatsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.


Miɖe Kehat viwo le Lewitɔwo dome, eye miŋlɔ woƒe xexlẽme le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu.


Kehat viwo ƒe dɔ enye be, woakpɔ nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔeawo dzi le Mawu ƒe agbadɔ la me.


Dawid xa ƒe blaetɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu dzi ƒe blane.


Mia kple Aron mina Israeltɔ, siwo xɔ ƒe blave kple va, eye woate ŋu ade aʋa la, xlẽ hamehame.


ke boŋ natsɔ nɔƒe, si me se la le, kple eŋu nuwo katã ade Lewitɔwo si. Woawo natsɔ nɔƒe la kple eŋu nuwo, eye woakpɔ wo dzi, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ŋu godoo ava kpe.


eye woxɔ ƒe blaetɔ̃ kple vɔ vaseɖe ƒe blaatɔ̃, bena woasubɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me, eye woatsɔ agba la,


— woŋlɔ nunɔlawo ƒe ŋkɔwo ɖi le woƒe aƒekɔwo nu, eye woŋlɔ Lewi-viwo ɖi tso amesiwo xɔ ƒe, blave kpakple edzivɔwo dzi la, ɖe woƒe dɔwo kple woƒe hawo nu —


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite