Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 34:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Miaɖee tso Hor-to la gbɔ aɖo ta Xamat, eye liƒo la naɖe Zedad.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Tso Hor to la gbɔ ayi Lebo Hamat, ato Zedad

Gade chapit la Kopi




4 Mose 34:8
12 Referans Kwoze  

Eye woyi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi tso Zin-gbedzi vaseɖe Rexob heɖo ta Xamat.


Egbugbɔ Israel ƒe liƒowo xɔ tso Xamat nutowo me vaseɖe tagbaƒu la nu, abe alesi Yehowa. Israel ƒe Mawu la gblɔ to eƒe dɔla, nyagblɔɖila Yona, Amitai vi, tso Gat-Xefer dzi la ene.


Ke Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ la li wo yome, eye wotu Zedekiya le Yerixo-tagba, eye wolée hekplɔe vɛ na Babel-fia Nebukadnezar le Ribla le Xamat-nyigba dzi, eye wobu fɔe le afima.


Esi Xamat-fia Toi se bena, Dawid si Hadadezer ƒe aʋakɔ bliboa la,


Liƒo la nato Zifron ava wu nu ɖe Xazar-Enan. Esia nanye anyieheliƒo na mi.


Eye Salomo kple Israel blibo, si le eŋu la, ɖu ŋkekenyuie la ɣemaɣi; ameha gãa ɖe tso Xamat-nutowo me, vaseɖe Egipte-tɔʋu la gbɔ, va Yehowa, mía Mawu la ŋku me, ŋkeke adre kple ŋkeke adre, ele ŋkeke wuiene.


Ɖe meva me na Kalno abe Karkemis ene, Xamat abe Arpad ene, Samaria abe Damasko ene oa?


Israel ƒe aƒe, ale Yehowa, Mawu Zebaot gblɔ esi: Maɖo dukɔa ɖe ɖa ɖe mia ŋu, ne woaxaxa mi ɖo tso Xamat-nutowo me vaseɖe tɔʋu, si le gbegbe la nu.


Arwaditɔwo, Zemaritɔwo kple Xamatitɔwo.


Eye Dawid yɔ Israel blibo la tso Egiptetɔwo ƒe Sixor vaseɖe Xamat, ne woaɖakɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Kiryat-Yearim vɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite