5 Eye liƒo la nanyè kpo tso Azmon ɖe Egipte-tɔʋu la ŋu ava wu nu ɖe ƒu la nu.
5 Tso Azmon la, liƒo la azɔ Egipte tɔʋu la ŋu ayi aɖatɔ Dzeƒu la.
vaseɖe Azmon, eye wòzɔ Egipte-tɔʋu la ŋu va wu nu ɖe ƒu nu. Esia nye miaƒe dzieheliƒo.
Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana:
Eye ava me le ɣemaɣi be, Yehowa atsa ali aƒo luwo tso tɔsisi la nu vaseɖe Egipte-tɔʋu la nu, eye woata mi ɖekaɖeka, mi Israel-viwo.
Eye Salomo kple Israel blibo, si le eŋu la, ɖu ŋkekenyuie la ɣemaɣi; ameha gãa ɖe tso Xamat-nutowo me, vaseɖe Egipte-tɔʋu la gbɔ, va Yehowa, mía Mawu la ŋku me, ŋkeke adre kple ŋkeke adre, ele ŋkeke wuiene.
Asdod kple eŋu duwo kple eŋu kɔƒewo, Gaza kple eŋu duwo kple eŋu kɔƒewo vaseɖe Egipte-tɔʋu la ŋu, eye ƒu gã la enye liƒo.
Dzieheliƒo natso Tamar vaseɖe dzrewɔtsi la nu le Kades, eye wòato tɔʋu la ŋu vaseɖe atsiaƒu gã la nu; esia nye dzieheliƒo.
Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsyaƒu kple to kɔkɔe nyo la ɖome; ke eƒe nuwuwu aɖo, eye amea ɖeke maxɔ nɛ o.