Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 34:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye liƒo la natso Sefam ato Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe gome, eye liƒo la nazɔ Kineret-ta ƒe ɣedzeƒekpa ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 kple Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Tso afi ma la, aɖiɖi aƒo xlã gbã, aɖo ta anyigbeme gome, atrɔ aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo va se ɖe esime wòaɖo Galilea ƒu la ƒe anyigbeme nu tututu.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 34:11
16 Referans Kwoze  

Eye Farao Nexo dee gaxɔ ɖe Ribla le Xamat-nyigba dzi, be maganye fia le Yerusalem o; eye wòtsɔ klosalo talento alafa ɖeka kple sika talento ɖeka he to na dukɔ la.


hekpe ɖe tagba la kple Yordan ŋu, si enye liƒo tso Kineret vaseɖe tagbaƒu, si enye Dzeƒu la nu, le Pisga ƒe aganu le ɣedzeƒe gome.


kple fia, siwo le anyiehe gome le towo dzi, tagba, si le Kinerot ƒe dziehe gome, gbadzaƒe kple Nafot-Dor le ɣetoɖoƒe


Eye wòva ve me, esi ameha la mimii ɖo, be wòase mawunya la bena, ye ŋutɔ le tsitre ɖe Genezaret-ta la nu;


Du sesẽwo nye: Zidim, Zer, Xamat, Rakat, Kineret,


Nusiawo megbe la Yesu dzo yi ɖe Galilea-ƒu, si nye Tiberia-ƒu la godo.


Eye esi wotso ƒua la, woɖo Genezaret-nyigba la dzi.


Eye Babel-fia wu Zedekiya viwo le eya ŋutɔ ŋku me, eye wowu Yuda-amegãwo katã hã le Ribla.


Eye wòlé fia la hekplɔe va Babel-fia gbɔ le Ribla, eye wodrɔ̃ ʋɔnui.


Bel-Haram, Bet-Nimra, Sukot kple Zafon, siwo le bali la me, woawo nye Sixon, Xesbon-fia, ƒe fiaɖuƒe kpɔtɔea, Yordan kple eŋu nyigba, vaseɖe Kineret-ta ƒe mlɔenu, le Yordan ƒe go keme dzi le ɣedzeƒe gome.


Miaɖe ɣedzeƒeliƒo la tso Xazar-Enan ayi Sefam.


Eye liƒo la nazɔ Yordan ŋu axa wu nu ɖe Dzeƒu la nu.


Tete wòlé fia la hekplɔe yina Babel-fia le Ribla le Xamat-nyigba dzi, eye wòbu fɔe.


tso gbadzaƒe heyi Kinerot-ƒu la nu le ɣedzeƒe heva tagbaƒu, si nye Dzeƒu la nu, le ɣedzeƒe heɖo ta Bet-Yesimot, vaseɖe Pisga ƒe aga nu le dziehe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite