Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 33:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 le esime Egiptetɔwo le woƒe ŋgɔgbevi, siwo katã Yehowa vu le wo dome la ɖim, eye Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ fia woƒe mawuwo hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 le esime Egiptetɔwo nɔ woƒe ŋgɔgbeviwo katã, ame siwo Yehowa ƒo ƒu anyi le wo dome la ɖim, elabena Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ va woƒe mawuwo dzi.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 33:4
8 Referans Kwoze  

Elabena mele Egipte-nyigba dzi to ge le zã ma me, eye mawu amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo le Egipte-nyigba la dzi, eye made nye ŋusẽ afia Egipte-trɔ̃wo katã hã, nye Yehowa!


Nya ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa do alilikpo ɖidu gbɔna ɖe Egipte: Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋku me, eye dzi lolo ɖe dɔ me na Egipte


Yehowa anye ame dziŋɔ anɔ wo nu, elabena ana legbawo katã nu nayi le anyigba dzi, eye dukɔwo ƒe ƒukpowo katã aɖo gbe ɖa na, amesiame le enɔƒe.


Fifi ko menyae bena, Yehowa kpe wu mawuwo katã; elabena etsɔ woawo ŋutɔ ƒe nu vlo wɔwɔ he toe na wo.


Ewo ŋgɔgbeviwo katã lewoƒe anyigba dzi, woƒe ŋusẽwo katã ƒe ŋgɔgbeawo.


Ŋgɔgbeviwo katã nye tɔnye; elabena gbesigbe mewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi la, mekɔ amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu le Israel, be woanye tɔnye, nye Yehowa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite