Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 33:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esiawo nye Israel-viwo ƒe toƒewo, lé esime woʋu tso Egipte-nyigba dzi hamehame, eye Mose kple Aron le wo nu la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esiawoe nye Israelviwo ƒe toƒewo tso esime Mose kple Aron wokplɔ wo dzoe le Egiptenyigba dzi.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 33:1
11 Referans Kwoze  

Nyee kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, mexɔ wò ƒle tso kluvinyenyeƒe me, eye medɔ Mose, Aron: kple Miryam woɖze ŋgɔwò ɖe!


Wò mɔ le atsiaƒuwo me, wò toƒe le tɔ geɖewo me eye womedze si wò afɔʋeewo o.


Esi Yakob va Egipte la, mia fofowo ɖo ɣli na Yehowa, eye Yehowa ɖɔ Mose kple Aron ɖa wokplɔ mia fofowo tso Egipte, eye wona nɔƒe wo ɖe teƒe sia.


Tete medo Mose kple Aron, eye metsɔ nusiwo mewo la, ɖe fu na Egiptetɔwo; emegbe me, kplɔ mi dzoe.


Eyata Mawu kplɔ dukɔ la to gbedzimɔ heyi Avaƒu la nu; eye Israel-viwo bia akpa hafi ʋu tso Egipte.


Gbemagbe Yehowa kplɔ Israel-viwo ƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi.


Eye Israel-viwo ʋu tso Ramses va Sukot; ŋutsu, siwo katã zɔ afɔ, anɔ ame akpe alafa ade, ɖeviwo mele eme o.


Eye Mose ŋlɔ woƒe mɔzɔzɔ la le woƒe toƒewo nu, abe alesi Yehowa de se ene. Esia nye woƒe mɔzɔzɔ la le woƒe toƒewo nu.


Edɔ eƒe dɔla Mose kple Aron, si wòtia la ɖa.


Esiawo nye Aron kple Mose, amesiwo Yehowa gblɔ na bena: Mikplɔ Israel-viwo ƒe hawo dzo tso Egipte-nyigba dzi!


Eye le ƒe alafa ene blaetɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe amehawo katã ʋu tso Egipte-nyigba la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite