Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 32:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 eye anyigba la na ta le Yehowa ŋku me, emegbe hafi mietrɔ la, ekema miaɖi fɔ le Yehowa kple Israel ŋku me o, eye anyigba sia azu mia tɔ le Yehowa ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 ekema ne míeɖu futɔwo dzi mlɔeba le Yehowa ŋkume la, miatrɔ ava afi sia, elabena miawu miaƒe dɔdeasiwo nu na Yehowa kple Israelvi bubuawo katã. Ekema anyigba si le tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la azu mia tɔ tso Yehowa gbɔ.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 32:22
17 Referans Kwoze  

Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase ƒe to afã la gbugbɔ tso Israel-viwo gbɔ le Silo le Kanaan-nyigba dzi heyi woawo ŋutɔ ƒe anyigba Gilead, si woxɔ la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ to Mose dzi ene.


Ke azɔ Yehowa, mia Mawu, na mia nɔviwò kpɔ gbɔdzɔe, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene; eyata migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo me le miaƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na mi le Yordan godo la dzi.


vaseɖe esime Yehowa nana gbɔdzɔe mia nɔviwo abe miawo ke ene, eye woaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le wo na ge le Yordan ƒe go keme dzi, hafi mia dome amesiame nagbugbɔ ava anyigba, si mena mi la dzi.


Elabena Manase ƒe afã, Ruben-viwo kple Gad-viwo xa woƒe anyigba, si Mose tsɔ na wo le Yordan godo le ɣedzeƒe, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose tsɔe na wo ene:


vaseɖe esime Yehowa ana mia nɔviwo hã nakpɔ gbɔdzɔe abe miawo ke ene; eye ne Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba, si wòle wo na ge, na wo la, ekema miagbugbɔ ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa ƒe ɖɔla Mose na mi le Yordan godo le ɣedzeƒe gome.


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


Ke esi Dawid va see la, egblɔ bena: Mia kple nye fiaɖuƒe la míeɖi fa le Abner, Ner vi ƒe ʋu me o le Yehowa ŋku me tegbee.


Esi anyigba la na ta wo vɔ la, Israel-viwo ƒe ha blibo la va kpe ta ɖe Silo, eye wotu Mawu ƒe agbadɔ la ɖe afima.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Eye Yosua ɖu fia siawo katã kple woƒe anyigbawo dzi zi ɖeka, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu lae wɔ aʋa na Israel.


Eye Yehowa tsɔ eya hã kple eme fia ɖe asi na Israel, eye wotsrɔ̃e kple eme nɔlawo katã kple yi; womèna amea ɖeke si o, eye wowɔ eme fia, abe alesi wowɔ Yerixo-fia ene.


Ne amea ɖe do le wò xɔ me ɖe xexe la, ekema eƒe nu tsi eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye míeɖi fɔa ɖeke o; ke ne amea ɖe le gbɔwò le wò xɔ me, hafi amea ɖe wɔ nanee la, ekema eƒe ʋu tsi miaƒe ta dzi.


Ne miava Kanaan-nyigba, si matsɔ na mi wòanye mia tɔ la dzi, eye mana anyi nado ɖe xɔa ɖe ŋu le anyigba, si nye mia tɔ dzi la,


eye mia dometɔ, siwo katã bia akpa atso Yordan le Yehowa ŋku me, vaseɖe esime wòanya eƒe futɔwo ɖa le eŋgɔ,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite