Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 32:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòna wotsa le gbedzi ƒe blane sɔŋ, vaseɖe esime ƒome, siwo katã wɔ nuvɔ̃ le Yehowa ŋku me la, tsrɔ̃ keŋkeŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Yehowa na míetsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene va se ɖe esime dzidzime vɔ̃ɖi ma tsrɔ̃ keŋkeŋ.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 32:13
15 Referans Kwoze  

Gake wo dome ame gedeawo ƒe nu menyo Mawu ŋu o, elabena woxlã wo de anyi le gbeadzi.


Eyata wòna woƒe ŋkekewo bu ɖe gbahlaya me kple woƒe ƒewo ɖe ŋɔdzi me.


Gake miawo miaku ɖe gbe sia dzi kokoko.


Elabena Yehowa, wò Mawu, yra wò asinudɔwɔwɔwo katã, enya wò mɔzɔzɔwo katã le gbe gã sia dzi, eye Yehowa, wò Mawu, li kpli wò ƒe blane sɔŋ, ale be naneke mehiã wò o.


Wotre mɔ le gbedzi kple gbedadaƒo, afisi mɔ mele o; eye womekpɔ du, si me woanɔ o.


Eye Israel-viwo ɖu man la ƒe blane, vaseɖe esime wova anyigba, si dzi amewo le dzi, man sɔŋ woɖu, vaseɖe esime woɖo Kanaan-nyigba ƒe liƒowo dzi.


Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòtsɔ wo de asi na adzowɔlawo woda adzo wo, eye wotsɔ wo dzra na woƒe futɔ, siwo ƒo xlã wo godoo la; eye womegale ŋu nɔ te ɖe woƒe futɔwo nu o.


Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu gblɔ bena: Esi dukɔ sia tu nye nu, si mebia kple wo fofowo, eye meɖo to nye gbe o la,


Ƒe blane sɔŋ ƒome sia nyɔ ŋu nam, eye megblɔ be: Dukɔ, si ƒe dzi tre mɔ, wonye eye womenya nye mɔwo o;


Evɔ wònye metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, amesiwo dzo atsu, abe alesi sederti kɔe ene, eye wosesẽ abe sesewu ene hafi; metsrɔ̃ woƒe tsetsea dzi me kple woƒe ke le to me.


Mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, eye mena miezɔ gbe dzi ƒe blane, ne miaxɔ Amoritɔwo ƒe anyigba.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite