Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 30:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Mose ƒo nu kple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo bena: Ale Yehowa ɖe se enye si:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa alo ka atam hetsri nane na eɖokui la, mele be wòada le eƒe nya dzi o, ke boŋ ele be wòawɔ ɖe nya sia nya si wògblɔ la dzi.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 30:2
36 Referans Kwoze  

Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋitɔ la!


Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋku me.


Ne edo gbe ɖa nɛ la, aɖo to wò, eye àwɔ wò adzɔgbeɖeɖe dzi.


Eye esi ŋu va ke la, Yudatɔa ɖewo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye woƒo ti ɖe wo ɖokui bena, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge, vaseɖe esime yewoawu Paulo o.


Eyaŋuti wò la megalɔ̃ edzi na wo o; elabena wo dome amesiwo de xa ɖe eŋuti la, wowu ŋutsu blane, siwo ƒo ti de wo ɖokui be, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge akpɔ o, vaseɖe esime yewoawu Paulo; eye azɔ la wosu te hele mɔ kpɔm na wò ŋugbedodo la.


Mɔ̃ wònye na amegbetɔ, ne nya ge le enu be: „nua ŋu kɔ!“ emegbe hafi wòayi tame bu ge le adzɔgbeɖeɖe la ŋu.


Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋku me,


Mawu asee, eye wòabɔbɔ wo ɖe anyi, eya, amesi te fiazikpui dzi tso blema ke, Sela, wo, amesiwo tametɔtrɔa ɖeke meli na wo o, eye womevɔ̃a Mawu o.


Elabena medo vlo, eye menya ŋu hiãtɔ ƒe hiã o, meɣla ŋku me ɖee o, eye esi wodo ɣli nɛ la, eɖo to.


Alo ne atam ge le amea ɖe nu, eɖanye vɔ̃ alo nyui dzi wòka atam la ɖo be, yeawɔ o, eye menyae o, emegbe wòdze sii la, ekema eɖi nu siawo dometɔ ɖeka ƒe fɔ.


Ke nye la meyɔ Mawu, ne woanye ɖaseɖila na nye luʋɔ bena, esi mekpɔ miaƒe nublanui la ŋutie nyemeva Korinto haɖe o,


Amegbetɔwo ƒe dɔmedzoe anye kafukafu na wò, eye dɔmedzoe ƒe susɔea natsɔ abla ati dzii.


Woawoe va nunɔlagãwo kple amegãwo gbɔ gblɔ bena: Mieƒo fi de mía ɖokui ŋutɔ bena, miele naneke ɖo ge akpɔ, vaseɖe esime míawu Paulo o.


Eye amesi ke atà vɔsamlekpui la, eya menye naneke o, ke amesi ke atà nunana, si le edzi la, eyae nyi fe.


Baba na mi mɔfiala ŋkuagbãtɔ, siwo gblɔna bena: Amesi ke ata mawuƒe la, eya menye naneke o; ke amesi ke ata mawuƒe me sika la, eyae nyi fe.


Meka atam, eye nyemagbe edziwɔwɔ o be: Malé ŋku de wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ŋu.


Mawu ŋu mele ŋu ɖom ɖo, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?


Esi dzinu evea nu yi la, egbugbɔ va fofoa gbɔ, eye wòwɔ nyɔnuvi la, abe alesi wòɖe adzɔgbee ene. Ke ŋutsua ɖeke mede asi eŋu kpɔ o. Eye wòtrɔ zu kɔnu le Israel ƒe sia ƒe


Tete Yefta yi kple Gilead-ame tsitsiawo, eye Yefta gblɔ nya siawo katã le Yehowa ŋku me le Mizpa.


Ke ahosiwo kple nyɔnu, siwo wogbe la, nawɔ woƒe adzɔgbeɖeɖewo kple nusiwo wotsri na wo ɖokui la dzi.


Tete Israel ɖe adzɔgbe na Yehowa gblɔ bena: Ne atsɔ dukɔ sia ade asi nam la, ekema matsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi.


Megayɔ Yehowa, wo Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.


amesi metsɔa eƒe ade zɔa eme gɔmee o, mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medea ŋukpe mo na xɔlɔ̃via o;


Mitso duwo na mia viwo, eye mitɔ kpɔ na miaƒe lãwo; nuwo, abe alesi do le mia nu ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite