Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Woakpɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti nuwo dzi, eye woakpe ɖe Israel-viwo ŋu, ne wova subɔsubɔ ge, eye woawɔ nɔƒe la ŋu dɔwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Woakpɔ Agbadɔ la me nuwo kple Agbadɔ blibo la dzi

Gade chapit la Kopi




4 Mose 3:8
13 Referans Kwoze  

Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!


Emegbe Kehat-viwo, amesiwo nye nu kɔkɔeawo tsɔlawo la ho; wotua nɔƒe la, hafi woawo va ɖona


Emegbe wokaka nɔƒe la, eye Gerson viwo kple Merari-viwo, amesiwo nye nɔƒe la tsɔlawo la ho.


Esia nye Merari viwo ƒe ƒome la ƒe dɔwo le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, eye Itamar, nunɔla Aron viŋutsu, nakpɔ wo dzi.


Esia enye Gerson viwo ƒe ƒome la ƒe dowo le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, eye Itamar, nunɔla Aron viŋutsu, nakpɔ wo dzi.


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


Eye woawɔ do, si le eya ŋutɔ kple ha blibo la ŋu, le Mawu ƒe agbadɔ la nu; woawoe awɔ dɔ, si le nɔƒe la ŋu.


Eye natsɔ Lewitɔwo ade asi na Aron kple viaŋutsuwo, etɔ woanye blibo le Israel-viwo dome.


Ke miaxɔ ame alo nyi, tedzi alo alẽ ɖekaɖeka tso wo ame blaatɔ̃ me le Israel-viwo tɔ ŋu ana Lewitɔwo, amesiwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu.


elabena le Dawid ƒe ɖoɖo mlɔetɔ nu woxlẽ Lewi-viwo ƒe amesiwo xɔ ƒe blave kple edzivɔwo —


Vinyewo, migawɔ ƒome o, elabena míawoe Yehowa fia, be mianɔ tsitre ɖe eŋku me, miawɔ eƒe dɔwo, eye mianye eƒe subɔlawo kple dzudzɔdolawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite