Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 3:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye woawɔ do, si le eya ŋutɔ kple ha blibo la ŋu, le Mawu ƒe agbadɔ la nu; woawoe awɔ dɔ, si le nɔƒe la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Woawɔ nu siwo Aron aɖo na wo. Woawɔ dɔ kɔkɔewo le Agbadɔ la me ɖe Israelviwo katã nu,

Gade chapit la Kopi




4 Mose 3:7
13 Referans Kwoze  

ke boŋ natsɔ nɔƒe, si me se la le, kple eŋu nuwo katã ade Lewitɔwo si. Woawo natsɔ nɔƒe la kple eŋu nuwo, eye woakpɔ wo dzi, eye woaƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ŋu godoo ava kpe.


Emegbe Lewitɔwo nava, bena woawɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me. Ale naka wo ŋu anyẽ wo enye si.


Eye Aron nanyè Lewitɔwo le Yehowa ŋku me abe Israel-viwo ƒe nunana ene, bena woawɔ Yehowa ƒe da la.


Selomot sia kple nɔviawo wotsɔ ɖo kesinɔnu kɔkɔeawo katã, siwo ŋu ba Dawid kple aƒekɔwo ƒe tatɔwo, ame akpe kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple aʋafiawo kɔ la nu;


Yexiel viwo nye: Zetam kple nɔvia Yoel; woawoe le Yehowa ƒe aƒe la ƒe kesinɔnuwo nu.


Eye wotsɔ wo nɔvi Lewi-viwo ɖo Mawu ƒe aƒe la ƒe kesinɔnuwo kple nu kɔkɔeawo nu.


Ke miaxɔ ame alo nyi, tedzi alo alẽ ɖekaɖeka tso wo ame blaatɔ̃ me le Israel-viwo tɔ ŋu ana Lewitɔwo, amesiwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu.


Lewitɔwo ƒe amegã ƒe tatɔ enye Eleazar, nunɔla Aron ƒe vi, eƒe dɔe nye be, wòakpɔ amesiwo le dɔ wɔm le nu kɔkɔeawo ŋu la dzi.


Minɔ Mawu ƒe agbadɔ la nu ŋkeke adre sɔŋ zã kple keli, eye ŋkeke adre mialé ŋku ɖe Yehowa ƒe ɖoɖoawo ŋu, ne miagaku o, elabena nenema wòde se gblɔ.


Woakpɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti nuwo dzi, eye woakpe ɖe Israel-viwo ŋu, ne wova subɔsubɔ ge, eye woawɔ nɔƒe la ŋu dɔwo.


ke Lewitɔwo naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe, si me se la le, ŋuti godoo ava kpe, bena dɔmedzoe magabi ɖe Israel-viwo ƒe ha la ŋu o. Eyata Lewitɔwo nalé ŋku ɖe nɔƒe, si me sea le la, ŋuti ɖoɖoawo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite