Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 3:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Tia Israel-viwo ƒe ŋutsu ŋgɔgbeawo katã, amesiwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ, eye naŋlɔ woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme di.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

40 Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, xlẽ Israelviwo ƒe viŋutsu tsitsitɔwo, ame siwo xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la, eye nàŋlɔ wo katã ŋkɔ.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 3:40
13 Referans Kwoze  

Tia Lewitɔwo xlẽ le wo fofowo ƒe aƒewo kple woƒe ƒomeawo nu; ŋutsuvi, siwo katã xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, natia axlẽ.


Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.


Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.


kple ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame kple ʋɔnudrɔ̃la, si nye wo katã ƒe Mawu kple ame dzɔdzɔe, siwo wowɔ blibo la, ƒe gbɔgbɔwo,


Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


Ẽ, mele kuku dem na wò hã, hanyedɔwɔla vevi, bena naxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyuie la la hekpe ɖe mía kple Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo, amesiwo, ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ŋuti.


Gake migakpɔ dzidzɔ bena, gbɔgbɔawo ɖoa to mi o; ke mikpɔ dzidzɔ bena, woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.


Eye ava me be, woayɔ amesiwo kpɔtɔ ɖe Zion kple amesiwo tsi Yerusalem, amesiame, si ŋko woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem la be kɔkɔewo,


Ne Yehowa le dukɔwo ɖem agbalẽ me la, axlẽ wo be, afima wodzi wo ɖo. Sela.


Tia Lewitɔwo nam ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe, eye tia Lewitɔwo ƒe lãwo ɖe woƒe lãwo teƒe, bena Lewitɔwo nanye Yehowa tɔ.


Nye ŋutɔe ɖe Lewitɔwo le Israel-vi bubuawo dome ɖe ŋgɔgbevi, siwo ʋu ɖɔ nu na wo dada la teƒe, bena Lewitɔwo nanye tɔnye le Israel-viwo dome.


Tia Lewitɔwo na Yehowa ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe; eye natia Lewitɔwo ƒe lãwo ɖe Israel-viwo ƒe lã ŋgɔgbeawo katã teƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite