Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Esiawo nye nunɔla Aron, amesi wòsi ami na heɖoe be, wòanye nunɔla asubɔ la, ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Wosi ami na wo katã, eye woɖo wo nunɔlawoe. Woɖe wo ɖe aga be woawɔ subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 3:3
10 Referans Kwoze  

Ɖo atsyɔ̃ na nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye nasi ami na wo, aɖo wo, eye nawɔ wo kɔkɔe, bena woanye nunɔlawo asubɔm.


Eye Mose tsɔ ami sisi la kple nu, si le vɔsamlekpuia dzi la, ƒe ɖe wu ɖe Aron kple eƒe awuwo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu; ale wòkɔ Aron kple eƒe awuwo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu.


Eye wòkɔ ami sisi la ƒe ɖe ɖe Aron ƒe tame hesi ami ne, be wòako eŋu.


Elabena se la tsɔa amesiwo gbɔdzɔ la ɖoa nunɔlagãwo; ke atamkaka, si dze se la yome la, ƒe nya ɖo Vi, si wowɔ blibo la, nunɔlagã yi ɖe mavɔmavɔ me.


eye nasi ami na wo, abe alesi nèsii na wo fofo ene, bena woazu nunɔlawo asubɔm. Ami sisi sia nanye dzesi na wo kple woƒe dzidzimeviwo bena, nunɔladɔ la zu wo tɔ tegbee.


Eye na Aron nado awu kɔkɔeawo, eye nasi ami nɛ àwɔe kɔkɔe, bena wòazu nunɔla asubɔm.


Ke Nadab kple Abihu ku le Yehowa ŋku me, esime wotsɔ dzo bubu va Yehowa ŋku me le Sinai-gbedzi; ke viŋutsu mele wo si o, eye Eleazar kple Itamar zu nunɔlawo kpe ɖe wo fofo Aron ŋu.


Eye Dawid ma wo haha ɖe Lewi viwo Gerson, Kehat kple Merari nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite