Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 3:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Tia Lewitɔwo xlẽ le wo fofowo ƒe aƒewo kple woƒe ƒomeawo nu; ŋutsuvi, siwo katã xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, natia axlẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 “Xlẽ Levi ƒe viwo le woƒe ƒomewo kple towo nu. Xlẽ ŋutsu ɖe sia ɖe si xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema.”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 3:15
17 Referans Kwoze  

Eye wotia ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ, wole ame akpe blave vɔ etɔ̃. Ke wometia wo xlẽ ɖe Israel-viwo dome o, elabena womèna domenyinua ɖeke wo le Israel-viwo dome o.


eye esi tso ɖevime ke nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo la, woate ŋu ana nunya wò hena agbexɔxɔ to xɔse, si le Kristo Yesu me la me.


Ke esi Yesu kpɔe la, menyo eŋu o, eye wògblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la.


Yehowa ɖe eɖokui fiãm le didiƒe. Metsɔ lɔlɔ̃ mava lɔ̃ wò, eyata meɖo amenuveve ɖi na wò didie alea.


Yi ɖaɖe gbe ƒã ɖe Yerusalem ƒe to me bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Meɖo ŋu wò ɖetugbime dɔmenyo kple wò ŋugbetɔnyenye ƒe lɔlɔ̃ na wò, esime nekplɔm ɖo to gbedadaƒo, to anyigba, si dzi womeƒãa nu ɖo o.


Melɔ̃a amesiwo lɔ̃m, eye amesiwo diam la, kpɔam.


Eye ŋutsu ŋgɔgbeawo katã, amesiwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, ƒe xexlẽme le ame akpe blave va eve alafa eve blaadre va etɔ̃.


Wo dome ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, ƒe xexlẽme le ame akpe ade alafa eve.


Ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, ƒe xexlẽme le ame akpe enyi alafa ade, woawo nakpɔ kɔkɔeƒe la me nuwo dzi.


Wotia ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, xlẽ le wo dome, eye woƒe xexlẽme le ame akpe adre alafa atɔ̃.


Ke womexlẽ Lewitɔwo fofo ƒe to kpe ɖe wo ŋu o.


Eye Mose tia wo xlẽ, abe alesi Yehowa gblɔ hede se ne la ene.


Mia kple Aron mina Israeltɔ, siwo xɔ ƒe blave kple va, eye woate ŋu ade aʋa la, xlẽ hamehame.


Esiawo nye amesiwo wotia xlẽ le Lewi-viwo dome, le woƒe ƒomewo nu: Gerson, amesi dzi Gerson-ƒome la; Kehat, amesi dzi Kehat-ƒome la; Merari, amesi dzi Merari-ƒome la.


— woŋlɔ nunɔlawo ƒe ŋkɔwo ɖi le woƒe aƒekɔwo nu, eye woŋlɔ Lewi-viwo ɖi tso amesiwo xɔ ƒe, blave kpakple edzivɔwo dzi la, ɖe woƒe dɔwo kple woƒe hawo nu —


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite