Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 3:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ŋgɔgbeviwo katã nye tɔnye; elabena gbesigbe mewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi la, mekɔ amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu le Israel, be woanye tɔnye, nye Yehowa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Metsɔ wo ɖɔli viŋutsu tsitsitɔwo. Tso gbe si gbe mewu Egiptetɔwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo la, mexɔ Israel ƒe ŋgɔgbeviwo, amegbetɔwo tɔwo kple lãwo tɔwo siaa na ɖokuinye! Tɔnyewoe wonye; nyee nye Yehowa!”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 3:13
16 Referans Kwoze  

abe alesi woŋlɔ ɖi le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: „Atsu sia atsu, si ʋu dɔnu la, woayɔ eya kɔkɔe na Aƒetɔ la“;


ekema natsɔ nusianu, si ʋu dɔ nu na dada la, ana Yehowa, eye natsɔ wò lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo nye atsu la, na Yehowa.


Kɔ ŋgɔgbeviwo katã ŋuti nam, nusianu, si aʋu dɔ nu na dada le Israel-viwo dome, eɖanye ame alo lã o, tɔnyee.


Ke amea ɖeke mekpɔ mɔ akɔ lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu na Yehowa o, eɖanye nyi alo alẽ o, Yehowa tɔ wònye.


Esi Farao sẽ tame be, yemaɖe asi le mia ŋu o la, Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, tso amewo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi vaseɖe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi; eyata metsɔa atsu sia atsu, si ʋu ɖo nu na dada la, sa vɔe na Yehowa; ke vinyeŋutsuwo la, meɖɔa li wo ta.


kple ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame kple ʋɔnudrɔ̃la, si nye wo katã ƒe Mawu kple ame dzɔdzɔe, siwo wowɔ blibo la, ƒe gbɔgbɔwo,


Miaƒe agblemenu gbãtɔwo katã ƒe nyuitɔwo kple miaƒe adzɔwo katã ƒe adzɔ enye nunɔlawo to, mitso miaƒe amɔwɔ ŋgɔgbeawo na nunɔlawo, ne yayra nanɔ aƒewò me.


Nusianu, si aʋu ɖɔ nu na dada, eɖanye ame alo lã o, eye wotsɔe na Yehowa la, nye tɔwò; ke woatsɔ ga axɔ amewo ƒe ŋgɔgbeviwo kple lã makɔmakɔwo ƒe ŋgɔgbeawoe.


Nusianu, si aʋu dɔnu na dada la, tanyee; lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo nye atsu, eɖanye nyi alo alẽ o, tanyee.


Nenema ke nawɔ wò nyiwo kple alẽwo hãe; ŋkeke adre wòanɔ dada gbɔ, eye le ŋkeke enyilia dzi natsɔe nam.


Woatsɔ agblemenu gbãlɔwo kple ati vovovowo ƒe tsetse ɖesiaɖe ava Yehowa ƒe aƒe la me le sia ƒe.


Tia Lewitɔwo na Yehowa ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe; eye natia Lewitɔwo ƒe lãwo ɖe Israel-viwo ƒe lã ŋgɔgbeawo katã teƒe.


Elabena nye ŋutɔe ɖe mia nɔvi Lewitɔwo, amesi wo wona Yehowa la, le Israel-viwo dome ma mi, bena woawɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo.


le esime Egiptetɔwo le woƒe ŋgɔgbevi, siwo katã Yehowa vu le wo dome la ɖim, eye Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ fia woƒe mawuwo hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite