Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye naɖo Aron kple viaŋutsuwo, be woawɔ nunɔladɔ; ke ne ame tutɔa ɖe le va la, woawui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ke Aron ƒe viŋutsuwo koe awɔ nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo. Ame bubu ɖe sia ɖe si atɔ asi akɔ be yeawɔ nunɔlawo ƒe dɔ la, woawui.”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 3:10
25 Referans Kwoze  

Ne nɔƒe la le hoho ge la, Lewitɔwo nakakae, eye ne nɔƒe la ɖo droƒe la, ekema Lewitɔwo natui; gake ne tame tutɔa ɖe te va la, woawui.


Eye Mose kple Aron kpakple viaŋutsuwo ƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe, si nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ le ɣedzeƒe gome. Woƒe dɔe nye be, woawɔ dɔ le kɔkɔeƒe la na Israel-viwo; ke ne ame tutɔa ɖe te va la, woawui.


nenye subɔsubɔ la, mianɔ subɔsubɔ dzi; ne amea ɖe le nu fiam la, nena nufiafia dzi;


Ke mia kple viwòwo miawo nunɔladɔ la le vɔsamlekpui la gbɔ kple xɔmetsovɔ la godo. Ɖe metsɔ nunɔladɔ la na mi: ke ne ame tutɔa ɖe te va la, woawui.


Azɔ la ne enɔ anyigba dzi la, mele nunɔla nye ge kura o; elabena nunɔlawo li, amesiwo tsɔa nunanawo vanɛ le se la nu,


Eyata azɔ míeganye ame tutɔwo kple amedzrowo o, ke boŋ míenye ame kɔkɔewo ƒe hadumeviwo kple Mawu ƒe aƒemetɔwo,


eye miewɔ nye kɔkɔeƒe la ƒe dowo o, ke boŋ mieɖo woawo, be woasubɔ le nye kɔkɔeƒe la.


Eye woawɔ dɔ, siwo katã le ŋuwo kple agbadɔ blibo la ŋu; ke womagate ɖe nu kɔkɔeawo kple vɔsamlekpui la ŋu, be mia kpli wo miagaku o.


Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, siwo tsɔ dzudzɔdonu ve la.


Bla ali dzi na wo, Aron ŋutɔ kple viaŋutsuawo, eye nabla tablanu la na wo, bena nunɔladɔ nazu wo to tegbee. Ale naɖo Aron kple viaŋutsuawo enye si;


amesi nye Maxeli vi, amesi nye Musi vi, amesi nye Merari vi, amesi nye Lewi vi.


Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe Usa ŋu, eye Mawu ƒoe ƒu afima ɖe Mawu ƒe aɖaka la xa.


Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ.


Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o, eye amedzro, si le agbatedɔ wɔm na nunɔla la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Ena mia kple nɔviwò Lewi viwo katã miegogoe tso, azɔ miegale nunɔladɔ hã dima?


Eye Mixa tu mawuxɔ, etɔ kɔmewu, eye woli aƒeli heɖo viaŋutsu ɖeka, be wòanye nunɔla nɛ.


Elabena Yehowa, wò Mawu, da wo tso wò toawo katã me, bena woawo kple wo viwo nasubɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɣesiaɣi.


Etu nuxeƒexɔwo, eye wòtsɔ dukɔ la ƒe amesiame ƒomevi, si metso Lewi-viwo dome o la, ɖo nunɔlae.


Tete meɖo ŋu bena: Ame abe nyee ene nana? Nyemayi gbedoxɔ me, be matsi agbea? Nyemele eme yi ge o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite