Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 29:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ɣleti adrelia te ŋkeke wuiatɔ̃lia enye takpegbe kɔkɔe na mi miawɔ asinudɔa ɖeke o, eye miaɖu ŋkekenyuie na Yehowa ŋkeke adre sɔŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe, eye ame aɖeke mawɔ dɔ sesẽ aɖeke o. Esia nye ŋkeke adre ƒe ŋkekenyui si woaɖu le Yehowa ŋkume la ƒe gɔmedzedze.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 29:12
16 Referans Kwoze  

Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.


Le dzinu adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi le ŋkekenyuie dzi la woawo alea ke ŋkeke adre sɔŋ, nuvɔ̃vɔsa kple numevɔsa, nuɖuvɔsa kple amiawo nanɔ abe ekemeawo ene.


Exlẽ Mawu ƒe segbalẽ la gbesiagbe tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke mlɔetɔ̃ dzi. Woɖu ŋkekenyuie la ŋkeke adre sɔŋ, eye ŋkeke enyilia nye takpegbe, abe alesi wònye kɔnui ene.


Eye yvokpɔ woŋlɔ ɖe se, si Yehowa de to Mose dzi la me be, Israel-viwo nana agbadɔ me le ŋkekenyuie la dzi le dzinu adrelia me;


Ɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, si enye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe naɖu avaɖoɖoŋkekenyuie le ƒe la ƒe nuwuwu.


Ne èdze nusiwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, naɖu ŋkekenyuie, eye ne eƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava me le ƒe la ƒe nuwuwu me la, ekema nagaɖu ŋkekenyuie.


Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ enye takpegbe kɔkɔe na mi eve miawɔ asinudɔa ɖeke o; kpẽkugbe wòanye na mi.


Eye miatsɔ nyitsuvi wuietɔ̃, agbo eve kple alẽvi wuiene, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔ, si enye dzovɔsa la, ne wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa; lãwo nasɔ blibo.


Eye Yerobeam ɖo ŋkekenyuie anyi ɖe dzinu enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, abe alesi wo dua ŋkekenyuie le Yuda ene, eye wòsa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Alea wòwɔ le Betel hã, eye wosa vɔ na nyivi, siwo wòwɔ, eye wòɖo amesiwo wòtsɔ ɖo nuxeƒe ƒe nunɔlawoe la, ɖe Betel.


Woɖu agbadɔŋkekenyuie la, abe alesi woŋlɔe ɖi ene, eye wosa numevɔ gbesiagbe ɖe xexlẽme le nu, abe alesi woŋlɔe ɖi, eye woɖo na gbesiagbe ene.


Ŋkeke gbãtɔ enye takpegbe kokoe na mi, miekpɔ mɔ awɔ asinudɔa ɖeke o.


Ŋkeke enyilia enye takpegbe na mi, eye miawo asinudɔa ɖeke o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite