Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 29:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ enye takpegbe kɔkɔe na mi eve miawɔ asinudɔa ɖeke o; kpẽkugbe wòanye na mi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 “Woaɖu Kpẽwo ƒe Ŋkekenyui le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe. Ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe aɖe gbe ma gbe, eye womawɔ dɔ aɖeke o.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 29:1
21 Referans Kwoze  

Yehowa ado ɖe wo ta me, eye ele aŋutrɔ alũ ʋɔ abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ, eye wòanɔ dziehe ƒe ahom me ave yi.


Eye woava me be, woaku kpẽ gã la, eye amesiwo bu ɖe Asur-nyigba dzi kple amesiwo wonyã de gbe ɖe Egipte-nyigba dzi la, ava ado gbe ɖa le Yehowa ŋku me le to kokoe la dzi le Yerusalem.


Dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye wò fiazikpui ƒe anyinɔ; amenuveve kple nyateƒe le tsitre ɖe wò mo.


Tso dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi wodze numevɔsasa gɔme na Yehowa, esi womekpɔ ɖo Yehowa ƒe gbeɖoxɔ la gɔme anyi haɖe o.


Israel blibo la le aseye tsom, le kpẽ kple dze kum, le gakogoe ƒom, eye wole saŋku kple kasaŋku ƒom sesĩe hetso Yehowa ƒe nubablaɖaka la yii.


Mixe ha, mina axatsɛwo, gakasaŋku kple saŋku viviwo naɖi!


Eye nunɔlawo kple Lewi-viwo, agbonudzɔlawo kple hadzilawo kple amesiwo tso dukɔ la me, gbedoxɔ me dɔwɔlawo kple Israel blibo la nɔ woƒe duwo me.


Ne èdze nusiwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, naɖu ŋkekenyuie, eye ne eƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava me le ƒe la ƒe nuwuwu me la, ekema nagaɖu ŋkekenyuie.


Ɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, si enye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe naɖu avaɖoɖoŋkekenyuie le ƒe la ƒe nuwuwu.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Gbesigbe mieŋe nu gbãtɔwo, eye mietsɔ nuɖuɖu yeyewo sa vɔ na Yehowa le miaƒe kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie dzi la, enye takpegbe kɔkɔe na mi, miawɔ asinudɔa ɖeke o.


Eye i woatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, eye wosɔ blibo, asa numevɔe, ne wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Ɣleti adrelia te ŋkeke wuiatɔ̃lia enye takpegbe kɔkɔe na mi miawɔ asinudɔa ɖeke o, eye miaɖu ŋkekenyuie na Yehowa ŋkeke adre sɔŋ.


Ŋkeke gbãtɔ enye takpegbe kokoe na mi, miekpɔ mɔ awɔ asinudɔa ɖeke o.


Ŋkeke enyilia enye takpegbe na mi, eye miawo asinudɔa ɖeke o.


Tete nunɔla Ezra tsɔ se la va ameha la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa kpakple amesiame, si ale ŋu ase egɔme la ŋku me le dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite