Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 28:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye nawɔ alẽvi eve, siwo naneke mewo afia ɖeke na o, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, ŋu dɔ le dzudzɔgbe la dzi, eye natsɔ wɔ memee eta ƒe ewoliawo eve, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsae, eye nunovɔsa nakpe ɖe eŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Le Dzudzɔgbe la dzi la, tsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la sa vɔe kpe ɖe eƒe nunovɔsa kple nuɖuvɔsa ŋu. Nuɖuvɔsa la nanye wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 28:9
12 Referans Kwoze  

Ne ète wò afɔ ɖe megbe tso dzudzɔgbe la ŋu, be mèwɔ wò dɔwo le nye ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ne èyɔ dzudzɔgbe la be: „dzidzɔ“ kple Yehowa ƒe nu kɔkɔe la be „bubu“, eye nède bubu eyama ŋu, ale be mèlé wò mɔ tsɔ o, mèwɔ wò dɔwo o, eye mèƒo nu kpoloe o la,


Menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la azi, eye mese gbe gãa ɖe le ɖiɖim le megbenye, abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena:


Eye metsɔ nye dzudzɔgbewo hã na wo, ne woanye dzesi anɔ mía kple wo dome, eye woadze sii be, nye Yehowa ye kɔ wo ŋu.


Eye nawɔ alé evelia ŋu dɔ le fiẽ me, eye nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nakpe ɖe eŋu, abe ŋdi ke ene; ne wòanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Esia nye numevɔ, si woasa le dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe dzi hekpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kple eŋu nunovɔsa ŋuti.


Xɔ, si mebe, matu la, lolo, elabena mia Mawu la lolo wu mawuwo katã.


eye wosa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiewo dzi, zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, le abolo maʋamaʋã ŋkekenyuiewo, le kwasiɖawo ŋkekenyuiewo kple agbadɔŋkekenyuiewo dzi le Mose ƒe se la nu.


Numevɔ, si amegã la nasa na Yehowa le dzudzɔgbe enye: Alẽvi ade, siwo so blibo, kple agbo ɖeka, si sɔ blibo;


Eye wògblɔ bena: Nukata nèbe, yeayi ɖo, egbe mehenye dzinu yeye alo dzudzɔgbe oa? Eɖo ŋu bena: Enyo!


kpɔ ɖa, mele didim be, matu xɔ na Yehowa, nye Mawu ƒe ŋkɔ, makɔ eŋu nɛ, ne woatɔ dzo atike ʋeʋẽe le eŋku me, woada ŋkumeɖobolo ɖi, eye woasa numevɔ ŋdi kple fiẽ, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple Yehowa, mía Mawu ƒe ŋkekenyuiewo dzi; Israel ƒe dɔ nye esia tegbee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite