Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 28:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye woatsɔ nunovɔsa hin eneliawo ɖeka akpe ɖe alẽvia ɖesiaɖe ŋu. Woatsɔ wein, si nye nunovɔsa la, asa vɔe le kɔkɔeƒe la le Yehowa ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Woatsɔ nunovɔsanu, si nye wain sesẽ lita ɖeka la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woatrɔ wain la le kɔkɔeƒe le Yehowa ŋkume.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 28:7
17 Referans Kwoze  

Esia enye gbesiagbe numevɔsa, si miaƒe dzidzimeviwo ame le Mawu ƒe agbadɔ la nu le Yehowa ƒe ŋku me, afisi maɖe ɖokuinye afia nu aƒo nu kpli mi le.


Ke ne wotsɔm mè le miaƒe xɔse ƒe vɔsasa kple subɔsubɔdɔ ta hã la, dzi le dzɔyem, eye mía kpli mi katã míele dzidzo kpɔm.


Amea ɖe menya nu o, avee, eye wòatrɔ adzo ahagblẽ yayra ɖe megbe, ne woatsɔ asa nuɖuvɔ kple nunovɔ na Yehowa, mia Mawu la.


Mi nunɔlawo, mibla ali dzi, ne miafa konyi! Mi vɔsamlekpui la subɔlawo, mifa avi! Miva miatsi akpanya me adɔ, mi, nye Mawu subɔlawo; elabena nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le mia Mawu ƒe me.


Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le Yehowa ƒe me; nunɔla, siwo subɔa Yehowa la, le konyi fam.


Etia bali me kpe zɔzrɔ̃ewo na ɖokuiwo, woawoe nye wò gome; èƒo tsi ɖe anyi na wo, eye nèɖe dza na wo, ɖe mazi kpi akpa nusiawoa?


Esiawo miatsɔ asa vɔe akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kple nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti; lãwo nasɔ blibo.


Eye miatsɔ wein hin afã awɔ nunovɔsa akpe ɖe nyitsua ɖesiaɖe ŋu; hin etɔ̃liawo ɖeka akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu, eye hin eneliawo ɖeka akpe ɖe alẽvia ɖesiaɖe ŋu. Esia nye numevɔsa le gbesigbe ɣleti sia ɣleti dze dzi le ƒe la me.


eye natsɔ wein hin afã, awɔ nunovɔsa akpe ɖe eŋu. Esiawo natsɔ asa vɔe, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.


eye natsɔ wein hin ƒe etɔ̃liawo ɖeka, awɔ nunovɔsa akpe ɖe eŋu. Esiawo natsɔ asa vɔe, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Eye natsɔ wein awɔ nunovɔsa akpe ɖe numevɔsa kple akpedavɔsa la ŋu; hin ƒe eneliawo ɖeka nanɔ alẽvi ɖeka ŋu.


Miatsɔ wɔ memee eta ƒe mamã ewoliawo eve, si wodzaba kple ami awɔ nuɖuvɔsa, si woatɔ dzoe na Yehowa, be wòaʋẽ lilili, hekpe de nunovɔsa wein hin ƒe mamã eneliawo ɖeka ŋu.


Migatsɔ dzudzɔdonu bubua ɖeke va edzi migatsɔ numevɔsa alo nuɖuvɔsa va edzi o, eye migakɔ nunovɔsa hã ɖe edzi o.


Eye natsɔ dzomi hin eneliawo ɖeka adzaba wɔ memee efa ewoliawo ɖeka, eye natsɔ wein hin eneliawo ɖeka hena nunovɔsa akpe ɖe alẽvi ɖeka la ŋu.


Esia nye numevɔ, si wosa gbesiagbe le Sinai-to la gbɔ, ne wòanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Eye nawɔ alé evelia ŋu dɔ le fiẽ me, eye nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nakpe ɖe eŋu, abe ŋdi ke ene; ne wòanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Ke woatso tsi akpala eƒe domenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla Aron nata dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi, elabena numevɔsae dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite