Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 28:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Nawu alẽvi ɖeka le ŋdi, eye nawu alẽvi evelia le fiẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Woatsɔ alẽvi ɖeka asa vɔe le ŋdi me, eye woatsɔ evelia asae le fiẽ me.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 28:4
12 Referans Kwoze  

esi megale gbe dom ɖa la, ŋutsu Gabriel, si mekpɔ le ŋutega me tsã la, dzo va gbɔnye le flẽvɔsaɣi.


Esime nuɖuvɔsaɣi ɖo la, nyagblɔɖila Eliya te va hegblɔ bena: Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewo nusiawo katã le wò nya nu.


Eye esi ɣetrɔ ɖo la, wode asi nugbenugbee wɔwɔ me vaseɖe ɣeyiɣi, si wosaa nuɖuvɔ; ke gbea ɖeke meɖi o, amea ɖeke metɔ o, eye amea ɖeke meɖo to o.


Miaɖui ɖe eƒe ɣeyiɣi dzi le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi le fiẽ ɖe ɖoɖo kple se, siwo katã le eŋu la nu.


Eye miadzrae ɖo vaseɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la nawui le fiẽ me.


Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.


Nenye alẽvi wotsɔ be, yeasa vɔ lae la, ekema wòakplɔe ava Yehowa ŋku me,


Gblɔ na wo bena: Dzovɔ, si miasa na Yehowa la, enye si: Miatsɔ alẽvi eve, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔe gbesiagbe.


Eye natsɔ wo memee efa ƒe ewoliawo ɖeka, si wodzaba kple dzomi hin eneliawo ɖeka la, awɔ nuɖuvɔsae.


ne woasa numevɔ na Yehowa le numevɔsamlekpui la dzi ɖaa, ŋdi kple fiẽ, abe alesi woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe se la me na Israel ene;


Mi nunɔlawo, mibla ali dzi, ne miafa konyi! Mi vɔsamlekpui la subɔlawo, mifa avi! Miva miatsi akpanya me adɔ, mi, nye Mawu subɔlawo; elabena nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le mia Mawu ƒe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite