Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 28:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Gbesigbe ɣleti dze dzi la, miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔ na Yehowa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 “Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, woagasa numevɔ bubu na Yehowa kpe ɖe esi wosana gbe sia gbe la ŋu. Woasa vɔ sia kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye lã si de blibo le go ɖe sia ɖe me.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 28:11
32 Referans Kwoze  

Gbesigbe miele dzidzɔ kpɔm, alo miele ŋkekenyuie ɖum, alo ɣleti yeye dze dzi, eye miesa numevɔ kple akpedavɔ la, ekema miaku kpẽ, eye wòana mia Mawu naɖo ŋku mia dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Dzinu yeye la tɔ nanye nyitsuvi ɖeka, si sɔ blibo, kple alẽvi ade kpakple agbo ɖeka, siwo sɔ blibo.


Eyata migana amea ɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu alo nunono ŋuti alo le ŋkekenyuie alo ɣletidzedzi alo Sabat la gome o.


Eyata ne azã ɖo edzi la, maɖe bli kple wein ɖa, eye maxɔ nye ɖeti kple nye anazi, si wòtsɔna xea eƒe amae la.


Emegbe wosa gbesiagbe-numevɔ, dzinu yeye kple Yehowa ƒe ŋkekenyule kɔkɔewo katã kpakple emesiwo sa vɔ le wo ɖokui si la ƒe numevɔwo.


Xɔ, si mebe, matu la, lolo, elabena mia Mawu la lolo wu mawuwo katã.


Woava tasɔsɔe, ne wole numevɔwo katã sa ge le dzudzɔgbe, dzinu yeye kple ŋkekenyuiewo dzi le woƒe ɖoɖo la nu le Yehowa ŋku me tegbee;


Dawid gblɔ na Yonatan bena: Kpɔ da, etsɔ enye dzinu yeye, eye wòle nam be, mayi nuɖuƒe kple fia hafi; eyata na mayi ɖaɣla ɖokuinye de gbe me vaseɖe ŋkeke etɔ̃lia ƒe fiẽ!


Azɔ abe alesi míexɔ Kristo Yesu, Aƒetɔ la, nenema ke mizɔ le eyama me,


Mieléa ŋku ɖe ŋkekewo kple dzinuwo kple azãgbewo kpakple ƒewo ŋuti.


De xevi dzona ɖe mɔ̃ dzi lé anyigba, ne mɔ̃a ɖeke meli nɛ oa? Eye ɖe mɔ̃ fena, ne naneke meɖo eme oa?


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Xɔxɔnu metɔ ƒe agbo, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la, nano dodo le gbedzrogbe-ŋkeke adeawo dzi, ke woaʋui le dzudzɔgbe kple dzinu yeye dzi.


Eye woava me, ne dzinu yeye sia dzinu yeye kple dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe ɖo la, ŋutilãwo katã ava ado gbe ɖa le ŋkunye me, Yehowa ye gblɔe!


Mixe ha, mina axatsɛwo, gakasaŋku kple saŋku viviwo naɖi!


Tete megblɔ bena: Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋunye.


Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o! Mebe, matsɔ wo aɖe gbe ƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.


Míebia se na mía dokui be, míana sekel etɔ̃liawo ɖeka ƒe sia ƒe de subɔsubɔ le mía Mawu ƒe aƒe me ŋu,


Eye wògblɔ bena: Nukata nèbe, yeayi ɖo, egbe mehenye dzinu yeye alo dzudzɔgbe oa? Eɖo ŋu bena: Enyo!


Miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, eye wòsɔ blibo la, asa dzovɔ, si enye numevɔsa na Yehowa;


Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.


Ke woatso tsi akpala eƒe domenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla Aron nata dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi, elabena numevɔsae dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Eye woatso tsi akpala eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla natsɔ wo katã asa vɔe, eye woata dzo wo le vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsae, dzovɔsa si nena lilili de Yehowa wònye.


Woɖo ŋu na wo bena. Ẽ, ele afisia, afɔ netsɔ na mi, eva dua me egbea, elabena dukɔ la le vɔ sa ge le to dzi egbea.


eye wosa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiewo dzi, zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, le abolo maʋamaʋã ŋkekenyuiewo, le kwasiɖawo ŋkekenyuiewo kple agbadɔŋkekenyuiewo dzi le Mose ƒe se la nu.


Wòatsɔ nuɖuvɔsa efa ɖeka akpe ɖe nyitsu la ŋu kple efa ɖeka akpe ɖe agbo la ŋu, ke wòakpe alesi nu woate ŋu ana la, ɖe alẽviawo ŋu, eye ami hin ɖeka nanɔ efa ɖeka ŋu.


mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Gbekagbe gɔ̃ dzinu yeye nu le yiyi ge, ne míadzra bli, eye dzudzɔgbe nu le yiyi ge, ne míaʋu avawo nu ahakpa nudotree sue, míadzi asi ɖe edzi, eye míaŋe nudanu ɖe eme aha amee;


kpɔ ɖa, mele didim be, matu xɔ na Yehowa, nye Mawu ƒe ŋkɔ, makɔ eŋu nɛ, ne woatɔ dzo atike ʋeʋẽe le eŋku me, woada ŋkumeɖobolo ɖi, eye woasa numevɔ ŋdi kple fiẽ, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple Yehowa, mía Mawu ƒe ŋkekenyuiewo dzi; Israel ƒe dɔ nye esia tegbee.


Miku kpẽ le dzinu yeye dzi, eye ne dzinu sɔ tegblẽ le míaƒe ŋkekenyuieɖugbe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite