13 Eye ne ekpɔe vɔ la, wò hã nayi tɔgbuiwowo goɔ, abe alesi nɔviwò Aron yii ene.
13 Ne èkpɔe vɔ megbe la, àku abe nɔviwò Aron ene,
Eye Israel-viwo ho tso Beerot-Bene-Yaakan heva Mosera, afisi Aron ku ɖo, eye woɖii ɖe afima, eye via Eleazar zu nunɔla ɖe eteƒe.
Bia hlɔ̃ Midiantɔwo na Israel-viwo; emegbe nayi tɔgbuiwòwo gbɔ.
Eye naku te to, si dzi nede la dzi, eye nayi tɔgbuiwòwo gbɔ, abe alesi nɔviwò Aron ku le Xor-to la dzi heyi tɔgbuiawo gbɔ ene.
Eye nunɔla Aron ɖe Hor-to la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ ene, eye woku le afima, le esime Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe blane megbe le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.
Ismael ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blave vɔ adre, eye wòku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.
Ke Abraham ku amegã ɖeɖi, eye agbenɔnɔ tii hafi wòku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.
Eye Yehowa do dɔmedzoe ɖe nye hã ŋunye le mia ta gblɔ bena: Wò hã made afima o.
ke boŋ maku le anyigba sia dzi, eye nyemagatso Yordan o; ke miawo mitsoe, eye miaxɔ anyigba nyui sia wòanye mia tɔ.
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, wò kuɣi le aƒe tum; yɔ Yosua, eye mia kplii míatsi tre ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, ne maɖe se nɛ. Eye Mose kple Yosua woyi ɖatsi tre ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ.
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, ne èmlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema dukɔ sia atso adze anyigba, si dzi yim wole la, ƒe mawuwo yome, woagblẽm ɖi, eye woatu nu, si mebia kpli wo la.