Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 26:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 eye anyigba ke nu mi wo kpe ɖe Korax ŋu, eye ha la ku, eye dzo fiã ŋutsu alafa eve blaatɔ̃awo, eye wòzu ŋkuɖodzinu la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Eya ta anyigba ke nu mi wo, eye dzo tso Yehowa gbɔ wu ame alafa eve blaatɔ̃ (250) wòzu ŋkuɖodzinu.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 26:10
15 Referans Kwoze  

eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi, eye wòbu fɔ wo to wo tɔtrɔtsyɔanyi me, eye wotsɔ wo ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me;


Abe alesi wotsɔ Sodom kple Gomora kple du, siwo ƒo xlã wo, siwo wo ahasi akpa abe woawo ene, eye wodze ŋutilã bubu yome la, wo kpɔɖeŋu, esi wokpe dzo mavɔ ƒe fu la:


Matsɔ nye ŋku aɖo ŋutsu ma ŋu, eye matsɔe awɔ dzesi kple hamelo, eye matsrɔ̃e ɖa le nye dukɔ la dome, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Eye woazu ɖiŋudonu na Yuda ƒe aboyome, siwo katã le Babel la bena: „Yehowa awɔ wò abe Zedekiya kple Axab, amesiwo Babel-fia mè le dzo me la ene;“


Nusi ava viwòwo kple eve Xofni kple Pinexas dzi la, anye dzesi na wò: Woa kple eve la woaku gbe ɖeka!


dze aglã ɖe Mose ŋuti, eye Israel-viwo dome ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, amesiwo nye ŋkutatɔwo le ha la dome, eye wonye adaŋudelawo le takpekpewo me kple ame ŋkɔŋuwo la, kpe ɖe wo ŋu.


Mía fofo ku le gbeadzi, ke menɔ Korax ƒe ha, si dze aglã ɖe Yehowa ŋu la dome o, ke boŋ eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ tae woku ɖo, eye viŋutsua ɖeke mele esi o


Eye Israel-viwo ɖu man la ƒe blane, vaseɖe esime wova anyigba, si dzi amewo le dzi, man sɔŋ woɖu, vaseɖe esime woɖo Kanaan-nyigba ƒe liƒowo dzi.


kpakple nusi wòwɔ Ruben-vi, Eliab ƒe viŋutsuwo Datan kple Abiram, amesiwo anyigba ke nu mi hekpe ɖe wo xɔwo, wo agbadɔwo kple nu gbagbe, siwo katã le wo si la ŋuti, tso Israel blibo la dome.


eye dzesiwo kple nukunuwo adze le mia kple wò dzidzimeviwo ŋu tegbee.


Elabena nuvɔ̃wɔla mawo ƒe ku na dzudzɔdosonuawo ŋu kɔ, woaƒo wo gbadzaa atsɔ fa ɖe vɔsamlekpui la ŋu, elabena wotsɔ wo va Yehowa ŋku mee, eyata wo ŋu kɔ, eye woanye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite