Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 25:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Israel le Sitim la, dukɔ la de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab-nyɔnuwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esime Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Sitim la, woƒe ɖekakpui aɖewo de asi ahasiwɔwɔ me kple Moab ɖetugbiwo.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 25:1
22 Referans Kwoze  

Migana miawo ahasi, abe alesi wo dome amea ɖewo wo ahasi, eye ame akpe blave vɔ etɔ̃ tsra le ŋkeke ɖeka dzi ene la o.


Eye Yosua, Nun vi, ɖɔ ŋutsu eve le adza me tso Sitim, be woaɖatsa ŋku, gblɔ bena: Miyi ɖakpɔ anyigba la kple Yerixo ɖa! Tete woyi, eye wova dze gboloa ɖe, si ŋkɔ nye Raxab la ƒe me, eye wotsi afima dɔ.


Woƒu asaɖa la anyi ɖe Yordan nu tso Bet-Yesimot vaseɖe Abel-Sitim le Moab-tagba.


Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi.


Nye ɖukɔ, ɖo ŋu tame, si Moab-fia Balak ɖo, kple alesi Bileam, Beor vi la, ɖo eŋu nɛ; ɖo ŋu nya, siwo dzɔ tso Sitim vaseɖe Gilgal, ne nadze si Yehowa ƒe dɔmenyo!


Tete Yosua kple Israel-viwo katã fɔ ŋdi kanya, eye woho tso Sitim heva Yordan nu, eye wotsi afima dɔ, hafi woava tso tɔ la.


Eye mekpɔ be, nusi vena wu ku, enye nyɔnu, si nye ɖɔ vena kaɖikaɖi wu ku ɖeɖe sɔŋ, ete dzi nye mɔ̃ka, eye eƒe asiwo nye kunyowu. Amesi ƒe nu nyo Mawu ŋu la, sina le enu, ke eɖea nuvɔ̃wɔlawo.


Megabla nu kple anyigbadzitɔwo gbeɖegbeɖe o; elabena ne wole woƒe mawunuwo wɔm, eye wosa vo na woƒe mawuwo la, ekema woayɔ wò, be nava du woƒe vɔsanuawo,


Mile fu Midiantɔwo, eye miawu wo,


Bia hlɔ̃ Midiantɔwo na Israel-viwo; emegbe nayi tɔgbuiwòwo gbɔ.


Eye míetsi bali la me le Bet-Peor kasa.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi Yehowa wɔ Baal-Peor, kple miaƒe ŋkuwo, elabena Yehowa, wò Mawu, tsrɔ̃ amesiwo katã dze Baal-Peor yome la ɖa le mia dome,


Miaƒe vɔsa ƒe amiɖulawo kple miaƒe nunovɔsa ƒe weinnolawo netsi tre, ne woaxɔ na mi, eye woakpɔ mia ta!


Ɖe vo, si woda le Peor ta, eye mía ŋu mekɔ vaseɖe egbe haɖe o, eye dɔvɔ̃ va Yehowa ƒe ameha dzi la, mesɔ gbɔ na mí oa?


Eye Yudatɔ, siwo katã le Moab kple Amonitɔwo dome kple Edom kpakple anyigba katã dzi la hã se be, Babel-fia susɔ amewo ɖe Yuda, eye wotsɔ Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, ɖo wo nu.


Ke wo viwo sẽ to ɖe ŋunye, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, womelé nye sewo me ɖe asi, ne woawɔ wo dzi o, evɔ wònye ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi, eye nye dɔmedzoe nabi avɔ de wo ŋu le gbea dzi.


Mefɔ Israel le gbegbe abe weintsetse ene, eye mekpɔ mia fofowo abe gbotsetse ŋgɔgbea ene; ke esi wova Baal-Peor la, wotsɔ wo ɖokui na ŋukpenamawu la, eye wozu ŋunyɔnu, abe nusi ŋu woku ɖo la ke ene.


Amesi sa vɔ na mawu bubu wo, eye menye Yehowa ɖeɖe ko o la, woadɔ busui.


nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ, numevɔsae;


Egbã matrewɔlawo ƒe xɔ, siwo le Yehowa ƒe aƒe la me, afisi nyɔnuwo nɔa agbadɔvɔ lɔ̃m na Asera le la.


Woku ɖe Baal-Peor ŋu, eye woɖu eme kukuwo ƒe vɔsa,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite