Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 24:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Amesi sea Mawu ƒe nyawo, ƒe gbe enye si, amesi ŋusẽkatãtɔ ɖea nuwo fiana, amesi tsyɔ mo anyi, ke eƒe ŋkuwo le te:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 ame si sea Mawu ƒe nya la ƒe nyagblɔɖi, ame si xɔa ɖeɖefia tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, ame si tsyɔa mo anyi, eye eƒe ŋku nɔa te la ƒe nyawo.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 24:4
20 Referans Kwoze  

Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ


Menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la azi, eye mese gbe gãa ɖe le ɖiɖim le megbenye, abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena:


Keklẽ, si ɖe to ɖee la, le abe alesi anyieʋɔ ɖina ɖe alilikpo ŋu le tsidzadza megbe ene. Esia nye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe nɔnɔme. Eye esi mekpɔe la, metsyɔ mo anyi, eye amea ɖe le nu ƒom mese.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Eye wòva me bena, esime megbugbɔ va Yerusalem, eye mele gbe dom ɖa le mawuxɔ me la, mekpɔ ŋutega,


Ke esi Petro le ŋutega la ŋuti bum la, Gbɔgbɔ la gblɔ ne bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu etɔ̃ le diwòm.


eye esi dɔ wui la, edi nu be, yeaɖu: ke esi wole eɖam la, ekpɔ ŋutega,


Elabena Yehowa tɔe nye míaƒe akpoxɔnu, eye míaƒe fia enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la tɔ.


Eye eya hã ɖe eƒe awuwo ɖi hede asi nyagbɔgblɔ me ɖi le Samuel ŋku me, eye wòɖe ama ɖi ŋkeke blibo ma kple zã blibo la. Eyata wogblɔna be: Saul hãe le nyagblɔɖilawo domea?


Eye Yehowa ʋu Bileam ƒe ŋkuwo wòkpɔ, alesi Yehowa ƒe dɔla tsi tre ɖe mɔ dzi ɖi yi ɖe asi. Tete wòde ta agu hetsyɔ mo anyi.


Eye Mawu va Bileam gbɔ le zã me gblɔ nɛ bena: Nenye yɔ wò ge ŋutsu siawo va la, ekema fɔ, ne nayi kpli wo; gake alesi magblɔ nawò la, nenema ko nawɔ.


Esi ɣe le to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi me ʋĩ, eye kpɔ ɖa, vɔvɔ̃ lée, eye tsizi do ɖee.


Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Oo, Yakob, wò agbadɔwo dze ani loo! Israel, wò nɔƒewo nyo loo!


Eye wòdo eƒe numegbe la gblɔ bena: Ale Bileam, Beor vi, gblɔ esi, ale ŋutsu, si ƒe ŋku ʋu la, gblɔ esi.


Egblɔ bena: Mekpɔ Israel blibo la wòka hlẽ ɖe towo dzi abe ale, siwo nu kplɔla mele o ene. Eye Yehowa gblɔ be: Aƒetɔa ɖeke mele amesiawo nu o, wo dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me le ŋutifafa me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite