Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 24:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Bileam fɔ kɔ dzi, kpɔ alesi Israel ƒu asaɖa anyi tototoe. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Esi Balaam kpɔ eŋgɔ la, ekpɔ Israelviwo woƒu asaɖa anyi ɖe woƒe to vovovoawo me. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe edzi,

Gade chapit la Kopi




4 Mose 24:2
17 Referans Kwoze  

Enumake Saul dɔ amewo ɖo ɖa, be woaɖakplɔ Dawid va; ke esi wokpɔ nyagblɔɖilawo ƒe ha le nya gblɔm ɖi, eye Samuel nye tatɔ le wo nu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va Saul ƒe dɔlawo dzi, ale be woawo hã gblɔ nya ɖi.


Eye Mawu ƒe gbugbɔ va Azarya, Obed vi dzi;


Eye wòyi Nayot le Rama. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ la va eya hã dzi, eye wòde asi nyagbɔgblɔ me ɖi le yiyim, vaseɖe esime wòva Nayot le Rama.


Esi wòva ɖo Gibea la, kpɔ ɖa, nyagblɔɖilawo ƒe haa ɖe va do goe, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi wògblɔ nya ɖi le wo dome.


Gake migakpɔ dzidzɔ bena, gbɔgbɔawo ɖoa to mi o; ke mikpɔ dzidzɔ bena, woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.


Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae.


Simon Kanatɔ kple Yuda Iskariot, si fia eyome mɔ la hã.


Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi mienyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe de o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi miewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe?


Amekae le anyi me kpɔmahe agudzedze ene, nyo ahe ɣleti ene, dza abe ɣe ene, eye wòdzia ŋɔ ahe aoakɔwo ene?


Xɔ̃nye, èdze tugbe abe Tirza ene, ènye abe Yerusalem ene, eye nèdzia ŋɔ abe aʋakɔ ene.


Oo, Yakob, wò agbadɔwo dze ani loo! Israel, wò nɔƒewo nyo loo!


Menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la azi, eye mese gbe gãa ɖe le ɖiɖim le megbenye, abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena:


Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel; eho aʋa, eye Yehowa tsɔ Mesopotamia-fia Kusan-Risatayim de asi nɛ, eye eƒe alɔ kpe Kusan-Risatayim dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite