Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 24:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ne Balak atsɔ klosalo kple sika xɔ taŋ nam hã la, nyemate ŋu ada Yehowa ƒe se la dzi awɔ nyui alo vɔ̃ le ɖokuinye si o, negbe nya, si Yehowa alo la, eya ko magblɔ oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam hã la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ!

Gade chapit la Kopi




4 Mose 24:13
6 Referans Kwoze  

Eye Mawu va Bileam gbɔ le zã me gblɔ nɛ bena: Nenye yɔ wò ge ŋutsu siawo va la, ekema fɔ, ne nayi kpli wo; gake alesi magblɔ nawò la, nenema ko nawɔ.


Bileam ɖo ŋu, eye wògblɔ na Balak ƒe dɔlawo bena: Ne Balak atsɔ klosalo kple sika xɔ taŋ nam hã la, nyemate ŋu aɖa Yehowa, nye Mawu, ƒe se dzi ahayi nu sue alo nu gãa ɖeke wɔ ge o.


Eye Mose gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Yehowae dɔm, be mawɔ dɔ siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye dzimee wotso o.


Mawu ƒe ame la ɖo ŋu na fia la bena: Ne etsɔ aƒewò me nuwo ƒe afã nam hã la, nyemayi kpli wò aɖu abolo, eye nyemano tsi le teƒe sia o.


Mixa ɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe. Ne menye nya, si Yehowa alo nam la, magblɔ o fi!


Eɖo ŋu na wo bena: Mitsi afisia dɔ, emegbe magblɔ, alesi Yehowa ato nam la na mi. Eye Moab-amegãwo tsi Bileam gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite