Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 24:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eyata netsɔ nayi mia de! Ɖe mebe, made bubu ŋuwò pete hafi, gake Yehowa te bubu la wò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Dzo le afi sia! Trɔ yi mia de! Medi be made bubu gã aɖe ŋuwò, ke Yehowa te wò ɖe megbe tso bubu gã sia gbɔ!”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 24:11
10 Referans Kwoze  

Elabena made bubu ŋuwò ŋutɔ, eye nusianu, si nagblɔ nam la, mawɔe. Eyata va naƒo fi ade dukɔ sia nam dzro!


Eye Balak gblɔ na Bileam bena: Ɖe nyemedɔ ame ɖa, be woayɔ wò ve oa? Nukaŋuti metso hiã va gbɔnye oa? Ɖe nèsusu be, nyemate ŋu ade bubu ŋuwò oa?


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si.


Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,


Eye Petro gblɔ nɛ bena: Mia kple wò klosalo miatsrɔ̃, elabena ebu xa bena, yeaƒle Mawu ƒe nunana la kple ga.


Tete Balak do dɔmedzoe ɖe Bileam ŋu, eye Balak si akpe hegblɔ na Bileam bena: Meyɔ wò vɛ, bena naƒo fi ade nye futɔwo nam loa, ɖeko nètsɔ wo yra zi etɔ sɔŋ.


Bileam ɖo ŋu na Balak bena: Ɖe nyemegblɔ na wò amesiwo nèɖo ɖe gbɔnye la bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite