Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 23:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wòdo eƒe numegbe la hegblɔ bena: Balak kplɔm tso Aram, ɣedzeƒetɔwo dzi Moab-fia kplɔm tsoe be: Va naƒo fi de Yakob nam, eye va nado ɖiŋu na Israel nam!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Nya siwo Balaam gblɔ la woe nye: “Fia Balak, Moabtɔwo ƒe fia, kplɔm tso Aramnyigba dzi, tso ɣedzeƒetowo dzi hegblɔ nam be. ‘Va, nàƒo fi ade Yakob nam! Eye va nàdo ɖiŋu na Israel nam. Wò dɔmedzoe nabi ɖe Israel ŋu.’

Gade chapit la Kopi




4 Mose 23:7
31 Referans Kwoze  

Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o, kekeke woƒe dzidzime ewolia ke hã mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me gbeɖe o;


eye wòdo eƒe numegbe la hegblɔ bena: Ale Bileam, Beor vi, gblɔ esi, eye ale ŋutsu, si ƒe ŋku ʋu la, gblɔ esi:


Tete wòdo eƒe numegbe la bena: Tsi tre, Balak, nase gbe! Zipor vi, le to de ŋunye!


Ɣemaɣi la woado lo ɖe mia ŋu, eye woadzi konyifaha agblɔ bena: Wogblẽ ml keŋkeŋ, wodzidze nye ɖukɔ ƒe anyigba, eye wome-gagbughɔe na ml o; womã míaƒe agblewo na amesiwo ɖe aboyo ml.


Make nye nu kple lododowo, eye mate blemadzowo.


Eye Hiob yii eƒe nuƒoƒo dzi gblɔ bena:


Eye wògado eƒe numegbe la gblɔ bena: Alele! ameka anɔ agbe, ne Mawu awɔ nusia?


Eye wòdo eƒe numegbe la gblɔ bena: Ale Bileam, Beor vi, gblɔ esi, ale ŋutsu, si ƒe ŋku ʋu la, gblɔ esi.


Eye wodi bena, yewoalée, ke wovɔ̃ ameha la; elabena wonyae bena, yewo ŋu wòdo lo sia ɖo; eye wogblẽe ɖi hedzo.


Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amɔwɔ ʋaʋã, si nyɔnua ɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu etɔ̃ me, halase esime wòʋã keŋkeŋ.


Alesi atsutsure dzena, eye sagbadre saa agbae la, nenema nye tiƒoƒo de ame naneke mawɔmawɔ.


Tete Hiob ƒo nu yii dzi gblɔ bena:


Eyometɔ nye Eleazar, Axoxi vi, Dodo ƒe vi, amesi le kalẽtɔ etɔ̃awo dome le Dawid gbɔ. Esi woɖu fewu le Filistitɔwo ŋu, eye woƒo ƒu ho aʋa va afima, eye Israel-ŋutsuwo ho yi la,


bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Make nye nu kple lododowo; eye maɖe nu ɣaɣla, siwo woyia tso keke xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me ke la afia.


Ɖe amesiawo katã mado hamelo ɖe eŋu, woasi ahama, eye woado lo ɖe eŋu agblɔ hena: „Baba na amesi ƒo nu geɖe ƒu, hafi menye etɔ o, eye wòtsɔ awɔbanu do agba na eɖokui la“ oa? Ɣekaɣi wòanɔ anyi ase ɖo?


Amevi, to adzo, eye nado lo na Israel ƒe aƒe la


Eɖu fewu le Israel ŋu, tete Yonatan, Dawid nɔvi Simea vi wui.


Dawid gblɔ na, Filistitɔ la bena: Wòa ètsɔ yi, tunuhlo kple akplɔ gbɔna gbɔnyee; ke nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa Zebaot, Israel ƒe aʋalɔgo, siwo ŋu nède alɔme le la ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me.


Alesi wò ɖɔla ƒoa dzata kple sisiblisi la, nenema ke wòava me na Filistitɔ bolotɔ sia abe wo dometɔ ɖeka ene, elabena Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu wòɖe alɔme le.


Eye Filistitɔ la gblɔ bena: Meɖe alɔme le Israel ƒe aʋalɔgoawo ŋu egbe. Miɖe ŋutsu ɖeka nam, ne mía kplii míawɔ aʋa!


Eye esi wòkpɔ Kemtɔwo la, edo eƒe numegbe la gblɔ bena: Wò nɔƒe sesẽ, eye nèwɔ alɔ ɖe agakpewo dzi.


Elabena made bubu ŋuwò ŋutɔ, eye nusianu, si nagblɔ nam la, mawɔe. Eyata va naƒo fi ade dukɔ sia nam dzro!


Kpɔ ɖa, dukɔa ɖe ʋu tso Egipte, eye wònyẽ tsyɔ anyigba ŋku me, eyata va naƒo fi aɖee nam. Ɖewohi mate ŋu awɔ aʋa kplii, eye manyãe ɖa.


eye bena Yakob ɖo to fofoa kple dadaa, eye wòyi Mesopotamia la,


Yi Mesopotamia ɖe dawo fofo Betuel ƒe me, eye naɖe dawo nɔvi Laban ƒe vinyɔnua ɖe!


Sem viŋutsuwo nye: Elam, Asur, Arpaxsad, Lud kple Aram.


Tete wogbugbɔ va egbɔ, eye kpo ɖa, eya kple Moab-amegãwo le tsitre ɖe eƒe numevɔsa la gbɔ.


Maƒu to anyi ɖe abebubu ŋu, eye mato nye adzo ɖe saŋkuƒoƒo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite