Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 23:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Emegbe Bileam gblɔ na Balak bena: Va tsi tre ɖe wò numevɔsa gbɔ, eye maɖe kpo; ɖewohĩ Yehowa aɖe eɖokui afiam, eye nusi wòna mekpɔ la, eya magblɔ na wò. Eye wòyi togbɛ ƒeƒlea ɖe dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Balaam gblɔ na Balak be, “Nɔ afi sia le wò numevɔsa gbɔ esime meɖe kpɔ. Ɖewohĩ Yehowa ava do gom. Nu sia nu si wòaɖe afiam la, magblɔe na wò.” Ale wòyi togbɛ ƒeƒle aɖe dzi.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 23:3
16 Referans Kwoze  

Eye wogblɔ na Balak bena: Tsi tre ɖe wo numevɔsa gbɔ afi, eye mayi aɖado go ame le afime.


Esi Bileam kpo bena, edze Yehowa ŋu be, wòayra Israel la, megayi afã ka ge abe tsã ene o, boŋ etrɔ mo ɖe gbedzi gome.


Eye Yehowa yɔ Mose, eye woƒo nu kplu tso Mawu ƒe agbadɔ la me gblɔ bena:


Tete Abraham fɔ kɔ dzi, eye kpɔ ɖa, agboa ɖe nye ekem, si ƒe dzowo ku aveka le emegbe, eye Abraham yi ɖalé agbo la hetsɔ mè nui ɖe via teƒe.


Eye wògblɔ nɛ bena: Kplɔ Isak, wò tenuvi, si gbɔ mèlɔ̃a nu lena o la, yi ɖe Moria-nyigba dzi, eye natsɔe amè nui le afima le vɔsamlekpui dzi le toa ɖe, si mafia wò la dzi!


Tete Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòtsɔ lã matsrimatsriwo kple xe matsrimatsriwo ƒe ɖewo na Yehowa hemè wo le vɔsamlekpui la dzi.


Eyome Mose to, Yetro, tsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ve na Mawu, eye Aron kple Israeltɔ tsitsiwo katã va, be woaɖu nu kple Mose to le Mawu ƒe ŋku me.


Abosam gakplɔe heyi ɖe to kɔkɔ ŋutɔa ɖe dzi, eye wòde xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae,


Eye Balak wɔ, abe alesi Bileam gblɔ ene, eye Balak kple Bileam tso nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi.


Tete Mawu ɖe eɖokui tia Bileam, eye eya gblɔ bena: Meɖi vɔsamlekpui adre, eve metsɔ nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi.


Eɖo ŋu gblɔ be: Ɖe mele nam be, magblɔ nya, si Yehowa de nunye la pɛpɛpɛ oa?


Bileam ɖo ŋu, eye wògblɔ na Balak bena: Nyemegblɔ na wò be: Nya sia nya, si Yehowa agblɔ la, eya mawɔ oa?


ke megbe toɖoɖo Bileam, eye wotso mi yra boŋ, eye meɖe mi tso esi me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite