Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 23:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Bileam ɖo ŋu, eye wògblɔ na Balak bena: Nyemegblɔ na wò be: Nya sia nya, si Yehowa agblɔ la, eya mawɔ oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe nyemegblɔe na wò be nya sia nya si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la ko wòle be magblɔ oa?”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 23:26
12 Referans Kwoze  

Eye Petro kple apostoloawo ɖo ŋu gblɔ bena: Ele be, wòabu Mawu awu amewo.


Bileam ɖo ŋu, eye wògblɔ na Balak ƒe dɔlawo bena: Ne Balak atsɔ klosalo kple sika xɔ taŋ nam hã la, nyemate ŋu aɖa Yehowa, nye Mawu, ƒe se dzi ahayi nu sue alo nu gãa ɖeke wɔ ge o.


Tete Mixa gblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye nya, si nye Mawu ato nam la, magblɔ o fi!


Bileam ɖo ŋu na Balak bena: Menya va gbɔwò la hafi, gake ɖe mate ŋu agblɔ nyaa ɖea? Negbe nya, si Mawu aɖe nunye la, eya ko magblɔ.


Mixa ɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe. Ne menye nya, si Yehowa alo nam la, magblɔ o fi!


Tete Balak gblɔ na Bileam bena: Megaƒo fi de wo o, eye megayra wo hã o!


Emegbe Balak gblɔ na Bileam bena: Va, makplɔ wò yi teƒe bubu, ɖewohĩ adze Mawu ŋu, bena naƒo fi ade wo nam tso afima.


Emegbe Bileam gblɔ na Balak bena: Va tsi tre ɖe wò numevɔsa gbɔ, eye maɖe kpo; ɖewohĩ Yehowa aɖe eɖokui afiam, eye nusi wòna mekpɔ la, eya magblɔ na wò. Eye wòyi togbɛ ƒeƒlea ɖe dzi.


Esi wòva egbɔ la, kpo ɖa, ele tsitre ɖe eƒe numevɔsa la gbɔ, eye Moab-amegãwo le egbɔ. Eye Balak gblɔ nɛ bena: Aleke Yehowa gblɔ?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite