Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 23:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Mawu, si kplɔe tso Egipte la, le nɛ abe to ƒe dzo ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Mawu kplɔ wo tso Egipte; Israel sẽ abe to ene. Fiƒode aɖeke mate ŋu anɔ Yakob dzi o,

Gade chapit la Kopi




4 Mose 23:22
14 Referans Kwoze  

Edze ɖeka abe eƒe nyitsu ŋgɔgbea ene, eye eƒe dzowo le abe to ƒe dzowo ene. Woawo wòtsɔ tu dukɔwo ƒu anyi vaseɖe anyigba seƒewo ke. Esiawo nye Efrayim ƒe ame akpe nanewo kple Manase ƒe ame akpeawo.


Mawu, si kplɔe tso Egipte la, le nɛ abe to ƒe dzowo ene; aɖu dukɔ, siwo nye eƒe futɔwo, eye woagbã woƒe ƒuwo, eye wòatsɔ eƒe da atsrɔ̃ wo.


De nye luʋɔ tso yi nu, nye tenu ɖeka la tso avũwo si me.


Nyee nye Yehowa wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


Elabena kpɔ da, wò futɔwo, kpɔ ɖa, wò futɔwo atsrɔ̃, eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ!


Mitsɔ ŋusẽ na Mawu, eƒe ŋutikɔkɔe le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le alilikpowo me.


Eye wòdɔ amewo ɖo ɖe Bileam, Beor vi gbɔ, le Petor le tɔsisi la nu le edetɔwo ƒe anyigba dzi, bena woayɔe vɛ hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔa ɖe nye si ʋu tso Egipte, eye wònyẽ tsyɔ anyigba ŋku me, eye wòƒu asaɖa anyi ɖe mia kasa.


Eye Egiptetɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia ɖe Farao kple tasiaɖamwo kpakple sɔdolawo ŋu.


gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.


Elabena míese, alesi Yehowa na Avaƒu la mie le mia ŋgɔ, esime mieʋu tso Egipte, kpakple nusi miewɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo, siwo nye Sixon kple Og le Yordan godo, amesiwo mietsrɔ̃ gbidigbidi.


Woawo kple tòwo siaa woamũ adze anyi hekpe ɖe nyitsuwo kple nyiwo ŋu, woƒe anyigba ano woƒe ʋu, eye ami adzaba woƒe ke.


Eye le ƒe alafa ene blaetɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe amehawo katã ʋu tso Egipte-nyigba la dzi.


Gbemagbe Yehowa kplɔ Israel-viwo ƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite