Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 23:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Bileam gblɔ na Balak bena: Na woaɖi vɔsamlekpui adre ɖe afisia nam, eye woakplɔ nyitsu adre kple agbo adre vɛ nam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Balaam gblɔ na Fia Balak be, “Tu vɔsamlekpui adre ɖe afi sia, eye nàdi nyitsuvi adre kple agbo adre na vɔsawo.”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 23:1
19 Referans Kwoze  

Eye Bileam gblɔ na Balak bena: Ɖi vɔsamlekpui adre ɖe afisia nam, eye nakplɔ nyitsu adre kple agbo adre vɛ nam.


Baba na wo! Elabena wodze Kain ƒe mo dzi yina, eye wohe wo ɖokui ɖe Bileam ƒe beblefetu la me, eye wotsrɔ̃ le Kora ƒe agudzedze la me.


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


Le ŋkekenyuie la ƒe ŋkeke adreawo me la wòana woatsɔ nyitsu adre kple agbo adre, siwo so blibo la, asa numevɔe na Yehowa gbesiagbe, eye woatso gbɔ̃tsu ɖekaɖeka asa nuvɔ̃vɔe gbesiagbe.


Woava akpe ta ɖe gbɔwò, eye woabɔbɔ nɔ ŋkuwò me abe nye dukɔ ene ahase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o, hafi boŋ anɔ ŋɔnɔe le nu me na wo, eye woƒe dzi adze viɖe yome.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa enye ŋunyɔ na Yehowa: ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


Eyata milé nyitsu adre kple agbo adre, eye miyi nye dɔla Hiob gbɔ, ne wòasa numevɔ na mi, eye nye dɔla Hiob naɖe kuku ɖe mia ta; elabena eya ke ƒe ŋku me makpɔ, hafi nyiemaɖo bometsitsi la teƒe na mi o; elabena mieƒo nu nyuia ɖeke le ŋunye abe nye dɔla Hiob ene o.


Eye wokplɔ nyitsu adre, agbo adre, alẽvi adre kple gbɔ̃tsu adre vɛ, be woanye nuvɔ̃vɔsa ɖe fiaɖuƒe la kple kɔkɔeƒe la kpakple Yuda ta. Eye wòde se na Aron viwo, amesiwo nye nunɔlawo, be woasa vɔ le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi.


Eye esi Mawu kpe ɖe Lewi-vi, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka ŋuti la, wotsɔ nyitsu adre kple agbo adre sa vɔe.


Ke ne miegblɔ nam be: Yehowa, mia Mawu la ŋu miele dzi ɖom ɖo la, ekema ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo Xizkiya ɖe ɖa, eye wògblɔ na Yuda kple Yerusalem bena: Miɖe ta agu ɖe vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem oa?


Tete Samuel gblɔ bena: A, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami


Eye miawu nyitsu adre, agbo eve kple alẽvi wuiene, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, le ŋkeke adrelia dzi,


Tso anyi ɖi vɔsamlekpui nam, eya dzi natsɔ wò alẽwo kple wò nyiwo ame numevɔsa le, eye nasa, akpedavɔwo le Mava afisiafi, si meɖo be, woaɖo ŋku nye ŋkɔ dzi le la, eye mayra wò.


Esi ŋu ke la, Balak kplɔ Bileam yi Bamot-Baal, afisi wòkpɔ dukɔ la ƒe mlɔenu le.


Eye Balak wɔ, abe alesi Bileam gblɔ ene, eye Balak kple Bileam tso nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi.


Balak wɔ, abe alesi Bileam gblɔ ene, eye wòtsɔ nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite