Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 22:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye Moab gblɔ na Midian-ame tsitsiwo bena: Ameha, si ɖe to ɖe mí la, le mía ɖu ge, abe alesi nyi ɖua gbe le gbe mee ene. Balak, Zipor vi, enye Moab-fia le ɣemaɣi me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Wowɔ takpekpe kple Midiantɔwo ƒe kplɔlawo enumake. Wogblɔ be, “Ameha gã sia aɖu mí abe ale si nyitsu ɖua gbe ene.” Ale Balak, Zipɔr ƒe vi, ame si nye Moab fia ɣe ma ɣi la,

Gade chapit la Kopi




4 Mose 22:4
13 Referans Kwoze  

Eye wowu Midian-fia atɔ̃awo, siwo nye: Evi, Rekem, Zur, Xur kple Reba la, kpe ɖe ame bubuawo ŋu; eye wowu Bileam, Beor vi, hã kple via.


Amewo katã le nu xam le Moab ƒe xɔtawo katã kple eƒe kpɔdomeewo katã, elabena megbã Moab abe ze manyomanyo ene.


Wòe nye ame wu Moab-fia Balak, Zipor vi la? Ɖe wòwɔ dzre kple Israel alo wɔ aʋa kplii kpɔa?


Mele ekpɔm, gake menye fifiae o; mekpɔnɛ, gake mele kpuiƒe o. Ɣletivi ado tso Yakob me, eye fiatikplɔ ado tso Israel me; aŋe tonuƒuiwo na Moab, eye wòakaka la le amesiwo nye zi la nu.


Esi Moab-ame tsitsiwo kple Midian-ame tsitsiwo xɔ afãkaho la, wodze mɔ, eye wova Bileam gbɔ hegblɔ Balak ƒe nyawo nɛ.


Esi Balak, Zipor vi, kpɔ nusi Israel-viwo wɔ Amoritɔwo la,


Ɣemaɣi la Edom-fiawo ɖi vo, Moab-megãwo dzo nyanyanya, eye dzika tso Kanaanitɔwo katã ƒo.


Esi wole avi fam le Mawu ƒe agbadɔa nu la, Israel-ŋutsua ɖe kplɔ Midian-nyɔnua ɖe va wo tɔwo gbɔe le Mose kple Israel-viwo ƒe ha blibo la ŋku me.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Esi Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o la, Yehowa tsɔ wo ɖe asi na Midiantɔwo ƒe adre sɔŋ.


Wodze mɔ tso Midian va Paran, eye wokplɔ ŋutsuwo ɖe asi tso Paran heva Egipte-fia Farao gbɔ le Egipte; eye wòna xɔe hetia asi nuɖuɖu nɛ, eye wòna anyigbae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite