21 Tete Bileam fɔ ŋdi, bia akpa na eƒe tedzinɔ, eye wòyi kple Moab-amegãwo.
21 Ale le ŋdi la, Balaam lia eƒe tedzi dzi, eye wòdze ameawo yome.
Esime wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi la, wotre mɔ, eye wodze Bileam, Beor vi, amesi lɔ madzɔmadzɔnyenye ƒe fetu la yome;
ke ekpɔ mokaka le eƒe dzidada la ŋuti: Dɔwɔlã maƒonu la tsɔ ame ƒe gbe ƒo nu, eye woxe mɔ na nyagblɔɖila la ƒe lãnuwɔwɔ.
Tete Abraham tɔ ŋdi kanya, bia akpa na eƒe tedzi, eye wòkplɔ dɔla eve kple via Isak ɖe asi, eye esi wòdze nake ɖe numemea ŋu la, edze mɔ yi teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la.
Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, woakpe ɖe eŋu; ke amesi toa mɔ gɔglɔ̃ dzi la, adze anyi zi ɖeka