Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 22:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Bileam ɖo ŋu, eye wògblɔ na Balak ƒe dɔlawo bena: Ne Balak atsɔ klosalo kple sika xɔ taŋ nam hã la, nyemate ŋu aɖa Yehowa, nye Mawu, ƒe se dzi ahayi nu sue alo nu gãa ɖeke wɔ ge o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ke Balaam ɖo eŋu be, “Ne Balak tsɔ fiasã si klosalo kple sika yɔ gɔ̃ hã anam la, nyemate ŋu awɔ naneke si atsi tsitre ɖe Yehowa, nye Mawu ƒe gbeɖeɖe ŋu o.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 22:18
14 Referans Kwoze  

Ne Balak atsɔ klosalo kple sika xɔ taŋ nam hã la, nyemate ŋu ada Yehowa ƒe se la dzi awɔ nyui alo vɔ̃ le ɖokuinye si o, negbe nya, si Yehowa alo la, eya ko magblɔ oa?


Tete Mixa gblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye nya, si nye Mawu ato nam la, magblɔ o fi!


Mixa ɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe. Ne menye nya, si Yehowa alo nam la, magblɔ o fi!


Bileam ɖo ŋu, eye wògblɔ na Balak bena: Nyemegblɔ na wò be: Nya sia nya, si Yehowa agblɔ la, eya mawɔ oa?


Bileam ɖo ŋu na Balak bena: Menya va gbɔwò la hafi, gake ɖe mate ŋu agblɔ nyaa ɖea? Negbe nya, si Mawu aɖe nunye la, eya ko magblɔ.


Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.


Eye Petro gblɔ nɛ bena: Mia kple wò klosalo miatsrɔ̃, elabena ebu xa bena, yeaƒle Mawu ƒe nunana la kple ga.


Daniel ɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Wò nunanawo nenɔ anyi na wò, eye natsɔ wo na ame bubu! Ke maxlẽ nuŋɔŋlɔ la na fia la, eye maɖe egɔme nɛ.


Ke miawo hã mitsi afisia dɔ, bena mase nya, si Yehowa agagblɔ nam.


Bileam ɖo ŋu na Balak bena: Ɖe nyemegblɔ na wò amesiwo nèɖo ɖe gbɔnye la bena:


Mawu ƒe ame la ɖo ŋu na fia la bena: Ne etsɔ aƒewò me nuwo ƒe afã nam hã la, nyemayi kpli wò aɖu abolo, eye nyemano tsi le teƒe sia o.


Eɖo ŋu na wo bena: Mitsi afisia dɔ, emegbe magblɔ, alesi Yehowa ato nam la na mi. Eye Moab-amegãwo tsi Bileam gbɔ.


ke megbe toɖoɖo Bileam, eye wotso mi yra boŋ, eye meɖe mi tso esi me.


alo kple amegã, siwo si sika bɔ ɖo, amesiwo ƒe yɔdo yɔ kple klosalo


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite